Psalmowo 72:1-20

  • Mawu ƒe fia la ƒe ŋutifafadziɖuɖu

    • “Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi” (7)

    • Eteviwo anɔ anyi tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu (8)

    • Aɖe wo tso ŋutasesẽ me (14)

    • Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi (16)

    • Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tegbee (19)

Eku ɖe Salomo ŋu. 72  Oo Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na fia la,Kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.+   Na wòaxɔ wò dukɔ la ƒe nya ɖe akɔ le dzɔdzɔenyenye me,Eye wòatso afia dzɔdzɔe na wò ame tsɛwo.+   Towo nehe ŋutifafa vɛ na dukɔ la,Eye togbɛwo hã nehe dzɔdzɔenyenye vɛ.   Neʋli dukɔ la ƒe ame tsɛwo ta,*Nexɔ na ame dahewo ƒe viwo,Eye wòafanya ametafala.+   Ŋkeke ale si ɣe li la, woavɔ̃ wòEye ŋkeke ale si ɣleti li la, woavɔ̃ wò,Tso dzidzime yi dzidzime.+   Anɔ abe tsidzadza ene ɖe gbe si woƒo la dzi,Abe gbafi si dea tsi anyigba ene.+   Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi* le eƒe ŋkekewo me,+Eye ŋutifafa axɔ aƒe+ va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o.   Eteviwo anɔ anyi* tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,Tso Tɔsisi* la nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.+   Gbegbenɔlawo abɔbɔ ɖe eŋkume,Eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ke.+ 10  Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo axe adzɔ nɛ.+ Seba-fiawo kple Saba-fiawo* atsɔ nunanawo avɛ nɛ.+ 11  Fiawo katã abɔbɔ ɖe eŋkume,Eye dukɔwo katã asubɔe. 12  Elabena aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la,Kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. 13  Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu,Eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe.* 14  Aɖe wo* tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me,Eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋkume. 15  Nenɔ agbe, eye woana Seba sikae.+ Woado gbe ɖa ɖe eta ɖaa,Eye woayrae ŋkekeawo katã. 16  Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi;+Woaxɔ towo tame keŋ. Fia la ƒe agblemenuwo awɔ vlɔvlɔvlɔ abe esiwo le Lebanon ene,+Eye dua me tɔwo awɔ mlɔmlɔmlɔ abe amagbewo le anyigba dzi ene.+ 17  Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi tegbee,+Eye zi ale si ɣe li la, eƒe ŋkɔ nede du. Dukɔwo neyra wo ɖokuiwo to eya amea dzi;+Eye dukɔwo katã neyɔe be dzidzɔtɔ. 18  Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu+ la,Ame si ɖeɖe ko wɔa nu wɔnukuwo.+ 19  Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu bubu le la tegbee,+Eye eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la katã dzi.+ Amen, ɛ̃, Amen. 20  David, Isai+ vi ƒe gbedodoɖawo wu nu.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nedrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ƒe ame tsɛwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame dzɔdzɔe la amie.”
Alo, “Aɖu fia.”
Efia, Frat-tɔsisi.
Alo, “Seba-fiawo.”
Alo, “ame dahewo ƒe luʋɔ.”
Alo, “woƒe luʋɔ.”