Psalmowo 21:1-13

  • Fia si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ƒe yayrawo

    • Agbe didi nana fia la (4)

    • Mawu ƒe futɔwo atsrɔ̃ (8-12)

Na henɔ la. David ƒe ha. 21  Oo Yehowa, wò ŋusẽ mee fia la kpɔa dzidzɔ le;+Eye aleke gbegbe wòle aseye tsom le wò xɔxɔdɔwo tae nye esi!+   Èwɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ,+Eye mègbe nu si wòke nu bia la nanae o. (Sela)   Elabena ètsɔ yayra nyuiwo va kpee;Èɖɔ sikafiakuku nyuitɔ nɛ.+   Ebia agbe tso asiwò, eye nètsɔe nɛ,+Èna agbe didii ɖaa tegbee.   Wò xɔnamedɔwo na ŋutikɔkɔe gã aɖe eya amea,+ Èɖo bubu kple atsyɔ̃ eŋu.   Èɖoe wònye yayratɔ tegbee;+Èna wòkpɔa dzidzɔ le esi aseyetsotso bɔ ɖe ŋkuwòme ta.+   Elabena Yehowa ŋue fia la ɖoa ŋu ɖo;+Le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ta, maʋã* akpɔ o.+   Wò asi atu wò futɔwo katã;Wò nuɖusi asu wò ketɔwo dzi.   Àna woanɔ abe kpodzo ene le ɣeyiɣi si nèɖo be yeatrɔ ɖe wo ŋu la dzi. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye dzo afiã wo.+ 10  Àtsrɔ̃ wo viwo* ɖa le anyigba la dzi,Kple woƒe dzidzimeviwo ɖa le amegbetɔviwo dome. 11  Elabena woɖo nu si nye vɔ̃ ɖe ŋuwò;+Woɖo tame vɔ̃ siwo madze edzi na wo o.+ 12  Elabena àna woagbugbɔ ɖe megbe,+Esi nèvu da* me hedzidzee ɖe wo* dzi ta. 13  Oo Yehowa, tso le wò ŋusẽ me. Míadzi kafukafuha* le wò gãnyenye ŋuti.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “maʋuʋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dɔmeviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “daka.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe mo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Míadzi ha aƒo ha.”