Psalmowo 9:1-20
Na henɔ la; ɖe Mut-Laben* ƒe gbeɖiɖi nu. David ƒe ha.
א [Alef]
9 Oo Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo;Maɖe gbeƒã wò nukudɔwɔwɔwo katã.+
2 Makpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò;Oo Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuha* na wò ŋkɔ.+
ב [Bet]
3 Ne nye futɔwo gbugbɔ ɖe megbe la,+Woakli nu adze anyi, eye wo nu ayi le ŋkuwòme.
4 Elabena èʋli tanye le nye nya dzɔdzɔe ta;Èbɔbɔ nɔ wò fiazikpui dzi hedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.+
ג [Gimel]
5 Èka mo na dukɔwo,+ eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo,Ètutu woƒe ŋkɔ ɖa tegbetegbee.
6 Futɔwo tsrɔ̃ ɖikaa;Ètrɔ woƒe duwo bu anyi,Womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.+
ה [He]
7 Ke Yehowa ya anɔ eƒe fiazikpui dzi tegbee;+Eli eƒe fiazikpui anyi ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu.+
8 Adrɔ̃ ʋɔnu xexea le dzɔdzɔenyenye me;+Atso afia dzɔdzɔe na dukɔwo.+
ו [Waw]
9 Yehowa anye mɔ́ sesẽ na ame siwo wote ɖe anyi la,+Mɔ́ sesẽ wòanye le xaxaɣiwo.+
10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo ŋu ɖe ŋuwò;+Oo Yehowa, màgblẽ ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi akpɔ o.+
ז [Zayin]
11 Midzi kafukafuha na Yehowa, Ame si le Zion;Migblɔ nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.+
12 Elabena woƒe Hlɔ̃biala la ɖoa ŋku wo dzi;+Maŋlɔ ame siwo le fu kpem la ƒe ɣlidodo be gbeɖe o.+
ח [Het]
13 Oo Yehowa, ve nunye; kpɔ fu si kpem mele le nye futɔwo si me ɖa,Wò, ame si kɔm ɖe dzi tso ku ƒe agbowo me,+
14 Ne maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ siwo dze na kafukafu le Zion vinyɔnu ƒe agbowo me,+Ne matso aseye le wò xɔname ŋuti.+
ט [Tet]
15 Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔwo ɖe la me;Ðɔ si woɖo la ɖe afɔ na woawo ŋutɔwo.+
16 Wonya Yehowa ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ta.+
Ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ zu mɔ̃ ɖe eya ŋutɔ.+
Higayon.* (Sela)
י [Yod]
17 Ame vɔ̃ɖiwo ayi Tsiẽƒe,*Ɛ̃, dukɔ siwo katã ŋlɔa Mawu be la ayi.
18 Gake womaŋlɔ ame dahewo ya be ɖaa o;+Eye ame fafawo ƒe mɔkpɔkpɔ hã mazu dzodzro o.+
כ [Kaf]
19 Oo Yehowa, tso! Mègana amegbetɔ ƒe alɔ nade dzi o.
Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwòme.+
20 Oo Yehowa, na dzidzi naƒo wo,+Ne dukɔwo nadze sii be amegbetɔ dzro koe yewonye. (Sela)
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “maƒo ha.”
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.