Psalmowo 81:1-16
Na henɔ la; ɖe Gitit* ƒe gbe nu. Asaf ƒe ha.+
81 Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu.+
Mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu.
2 Mido ha ɖa, eye miƒo axatsɛ,Mina saŋku kple kasaŋku viviwo naɖi.
3 Miku lãdzo le dzinu yeye dzi,+Mikui ne dzinua sɔ tegblẽe, le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.+
4 Elabena se wònye na Israel,Yakob ƒe Mawu ƒe ɖoɖo wònye.+
5 Eɖoe anyi be wòanye ŋkuɖodzi na Yosef,+Esime wòho ɖe Egipte-nyigba ŋu.+
Gbe* si nyemenya o la ɖi mese be:
6 “Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta;+Eye meɖe eƒe asi ɖa le kusi la ŋu.
7 Èyɔm le xaxa me, eye mexɔ na wò;+Metɔ na wò tso dziɖegbelilikpo me.*+
Medo wò kpɔ le Meriba* tsi la gbɔ.+ (Sela)
8 Nye dukɔ, see, ne maxlɔ̃ nu wò.
Oo Israel, ne àɖo tom ko.+
9 Mawu tutɔ aɖeke manɔ dowòme o,Eye màde ta agu na dutamawu aɖeke o.+
10 Nye, Yehowa, ye nye wò Mawu,Ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.+
Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò wòayɔ.+
11 Gake nye dukɔ la meɖo tom o;Eye Israel medi be yeabɔbɔ ye ɖokui nam o.+
12 Ale meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzimesesẽ;Eye wowɔ nu si dze wo ŋu.*+
13 Oo, ne ɖe nye dukɔ aɖo tom ɖe,+Oo, ne ɖe Israel azɔ nye mɔwo dzi ɖe!+
14 Anye ne mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi kaba;Anye ne matrɔ nye asi ɖe woƒe ketɔwo ŋu.+
15 Ame siwo léa fu Yehowa la anɔ dzodzom nyanyanya ava bɔbɔ ɖe eŋkume,Eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.*
16 Ke miawo ya,* atsɔ lu nyuitɔwo* anyi mi,+Eye wòatsɔ kpetomenyitsi aɖi kɔ na mi.”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Gbegbɔgblɔ.”
^ Egɔmee nye, “Dzrewɔwɔ.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “tso afi si dziɖegbe ɣla ɖo.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “wozɔ le woƒe adaŋudedewo nu.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ke Mawu ƒe amewo ya.”
^ Alo, “lu ʋaʋã.”