Mía Ŋu Nyawo
Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?
Yehowa Ðasefowo nye subɔsubɔha si me tɔwo le xexea me godoo. Míesubɔa Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, ame si wɔ nuwo katã. (Psalmo 83:18; Nyaɖeɖefia 4:11) Míenye Kristotɔwo eye míexɔe se be Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi kple mía Ðela. (Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 4:10-12) Biblia ko dzie míetu míaƒe dzixɔsewo ɖo. (2 Timoteo 3:16) Míele dzi dem ƒo na wò be nàzã míaƒe nyatakakadzraɖoƒe sia atsɔ asrɔ̃ nu geɖe tso míaƒe dzixɔsewo ŋu eye àte ŋu azã wò ŋutɔ wò Biblia ne èle esia wɔm.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso mía ŋu la, kpɔ video si nye Yehowa Ðasefowo—Ame Kawoe Míenye?
Akɔntabubuwo
-
9,043,460—Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo
-
118,767—Hamewo
-
240—Dukɔwo kple teƒewo
-
7,480,146—Biblia nusɔsrɔ̃ siwo míewɔna femaxee ɣleti sia ɣleti
-
21,119,442—Ame siwo de 2024 Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia
Frequently Asked Questions
Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
Xlẽ numeɖeɖe kpui siwo ku ɖe míaƒe dzixɔse veviwo dometɔ 15 ŋu.
Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Azã Aɖewo O?
Xlẽ nu tso nyabiase etɔ̃ aɖewo siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo kple azãɖuɖuwo ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo ŋu.
Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Dzigbezã O?
Kpɔ susu ene siwo tae Mawu mekpɔa ŋudzedze le ame siwo ɖua dzigbezã ŋu o la ɖa.
Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Melɔ̃na Wodoa Ʋu Na Wo O?
Susu masɔmasɔ siwo le amewo si ku ɖe Yehowa Ðasefowo kple ʋudodo ŋu. Xlẽ nu tso nu si nye nyateƒea ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu le nya sia ŋu.
Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?
Taflatsɛ kpɔ ale si míeto vovo na subɔsubɔha bubu siwo hã woyɔna be Kristotɔwoe la ɖa.
Free Bible Course
Our History
Contact Us
Bia Be Ame Aɖe Nava Srã Ye Kpɔ
Dzro Biblia me biabia aɖe me, alo srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu.
De Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo
Xlẽ nu tso afi siwo míekpena le kple ale si míesubɔnae la ŋu. Ame sia ame ate ŋu ade kpekpeawo faa, eye womedzɔa ga le vavalawo si o.
Do ka kple Yehowa Ðasefowo
Míaƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me ƒe adrɛs kple bubuawo.
Alɔdzedɔwɔƒe Kple Tsaɖiɖi Ŋuti Nyatakakawo
Kpɔ alɔdzedɔwɔƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ. Kpɔ tsaɖiɣiwo.

