Bibliawo
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la de pɛpɛpɛ eye exexlẽ le bɔbɔe. Wota Biblia sia ƒe akpa aɖewo alo bliboa ɖe gbegbɔgblɔ 327 me. Akɔntabubu mamlɛ si wowɔ la ɖee fia be wota Biblia sia ƒe kɔpi 256,139,430. Ne èdi be yeanya nu geɖe ku ɖe Biblia gɔmeɖeɖe sia ŋu la, xlẽ nyati siwo nye “Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒe Biblia To Vovoa?” kple “Ðe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia De Pɛpɛpɛa?”
Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, míexɔ mɔɖeɖe be miagbugbɔ ata Biblia si bɔ si ame geɖe zãna le gbe mawo me.

