Dzo kpo yi emenuwo dzi

NA AME AÐE NADZRO BIBLIA ME KPLI WÒ

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!

Le Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo sia me la, àkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo:

  • Aleke mawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me?

  • Ðe fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye nu ayi gbe ɖeka?

  • Ðe magakpɔ nye ame vevi siwo ku la akea?

  • Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔa?

  • Aleke mado gbe ɖa be Mawu nasee?

Màxe Fe Ðe Eta O

Màxe fe aɖeke ɖe nusɔsrɔ̃ bliboa kple Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! la ta o, eye ne ehiã Biblia hã, míana ɖeka wò faa.

Ɣeyiɣi Kple Game Si Sɔ Na Wò

Yehowa Ðasefo aɖe asrɔ̃ nua kple wò ŋkume kple ŋkume alo to mɔ̃ dzi le ɣeyiɣi kple game si sɔ na wò dzi.

Menye Dzizizie O

Àte ŋu adzudzɔ nusɔsrɔ̃a ne mègadii o.

Aleke Míaƒe Biblia Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖoa Yinae?

Yehowa Ðasefo aɖe adzro Biblia ƒe nufiafiawo me kpli wò ɖeka ɖeka. Ne miele Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me dzrom ɖekae la, àva nya nu geɖe le Biblia me kple ale si woaɖe vi na wòe. Be nàsrɔ̃ nu geɖe akpee la, kpɔ video sia, alo nàxlẽ nya siwo amewo biana edziedzi tso Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia ŋu.

Àdi Be Yeakpɔ Ale Si Nusɔsrɔ̃a Lea?

Kpɔ nusrɔ̃gbalẽ sia ƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔawo ɖa.

Àdi be yeatee kpɔa?

Te asi ɖe “Te Biblia Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖoa Kpɔ” si le gɔmea dzi be nàkpe aɖakaviawo ɖo be ame aɖe nado ka kpli wò na Biblia me dzodzroa.