Míele Wò Kpem Be Nàde
Tadedeagu Dzadzɛ
Ƒe 2025 Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpekpe Gã
Màxe fe o • Womadzɔ ga le amewo si o
Nu Siwo Ayi Edzi
Fiɖa: Woaɖe video vovovowo atsɔ ana nàkpɔ ale si nuwo nɔ le teƒe siwo Yesu nɔ heɖe gbeƒã le.
Memleɖa: Àkpɔ ale si Yesu ƒe subɔsubɔdɔa na nya siwo wogblɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la va eme.
Kwasiɖa: Le nuƒo si nye “Aleke Nàwɔ Aka Ðe Edzi Be Yele Subɔsubɔha Vavãtɔ Me?” me la, àva srɔ̃ nu si tae dzixɔse siwo dzi míetu míaƒe mawusubɔsubɔ ɖo la le vevie kple ale si nàwɔ ake ɖe nyateƒea ŋu.
Drama
Yesu Ŋuti Nya Nyui La: Akpa 2 Kple 3
Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, eva zu Mesia alo Kristo la. Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, Abosam tee kpɔ, ete eƒe nusrɔ̃lawo nu ƒoƒo ƒu, eye wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. Kpɔ nudzɔdzɔ siawo kple bubuwo le dramaa ƒe akpa siwo woaɖe le takpekpea me la me; woaɖe eƒe akpa aɖe gbe sia gbe.
Yi jw.org/ee be nàkpɔ takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi bliboa eye nàkpɔ video siawo:
Nu Kawoe Yia Edzi Le Míaƒe Takpekpe Gãwo Me?
De dzesi nu siwo teƒe nàkpɔ ne èyi Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã aɖe la le video sia me.
Ƒe 2025 Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpekpe Gã: “Tadedeagu Dzadzɛ”
Kpɔ nu siwo ayi edzi le ƒe sia ƒe takpekpe gãa me.
Drama Ƒe Akpa Aɖewo: Yesu Ŋuti Nya Nyui La
Tso Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze ke la, amegbetɔwo kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo tsi tre ɖe eŋu vevie. Ðe wòayi edzi awɔ nuteƒe na Mawua?

