Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Magazinewo
Míaƒe magazine siwo me nyawo wotu ɖe Biblia dzi la le gbe alafa geɖe me, eye tokunɔgbewo hã le eme. Gbetakpɔxɔ la fiaa nu tso nya nyui siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ŋu eye wòdea dzi ƒo na amewo be woaxɔ Yesu Kristo dzi ase. Nyɔ! la fiaa ale si míate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu egbea la mí, eye wònana míekana ɖe edzi be ŋugbe si Wɔla la do be le etsɔme la, míava nɔ ŋutifafa me eye míanɔ dedie la ava eme.

