Yesu Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi
Braɖa, April 4, 2023
Zi ɖeka ƒe sia ƒea, Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi, abe ale si wòde se ene be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Luka 22:19.
Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi
Ɣeyiɣi didi kae wɔnaa axɔ?
Axɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene.
Nu kawoe ayi edzi le Ŋkuɖodziwɔnaa me?
Woadzi ha eye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla aɖe ado gbe ɖa woatsɔ adze wɔnaa gɔme, eye woagawɔe nenema ke atsɔ akpa wɔnaa. Wɔnaa ƒe akpa vevi aɖee nye Biblia me nuƒo si woaƒo atsɔ aɖe vevienyenye si le Yesu ƒe kua ŋu kple ale si nu si Mawu kple Yesu wɔ na mí la ate ŋu aɖe vi na mí la me.
Ne èle numekɔkɔ geɖee dim la kpɔ nyati si nye “Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?”