1 Timoteo 2:1-15

  • Gbedodoɖa ɖe ame ƒomeviwo katã ta (1-7)

    • Mawu ɖeka, domenɔla ɖeka (5)

    • Tafe si sɔ ɖe enu na amewo katã (6)

  • Mɔfiamewo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo (8-15)

    • Mido awu ɖe nɔnɔme nyui me (9, 10)

2  Eya ta gbã la, mele nu xlɔ̃m mi be mianɔ kokoƒoƒowo, gbedodoɖawo, kukuɖeɖewo kple akpedadawo dzi ɖe ame ƒomeviwo katã ta,  ɖe fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta,+ ale be míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo kple moveviɖoɖo katã me.+  Nu sia nyo, eye wòsɔ le Mawu, mía Xɔla ŋkume,+  ame si ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã,+ eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.  Elabena Mawu ɖeka+ kple domenɔla*+ ɖeka si le Mawu kple amegbetɔwo dome,+ ame si nye Kristo Yesu ye li,+  ame si tsɔ eɖokui na wònye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta*+—nu sia ŋue wòle be woaɖi ɖase le le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi.  Ðaseɖiɖi+ sia tae woɖom gbeƒãɖela kple apostolo+ kple dukɔwo ƒe nufiala+ le xɔse kpakple nyateƒe ƒe nya la me ɖo—nyateƒe tom mele, nyemele aʋatso kam o.  Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nanɔ gbe dom ɖa, eye woawu asiwo dzi le kɔkɔenyenye me,+ dzikudodo+ kple glãkahehe+ manɔmee.  Nenema kee nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui me,* le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me, menye le ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo me o,+ 10  ke boŋ woaɖo atsyɔ̃ abe ale si wòdze nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu+ la ene, le dɔ nyuiwo wɔwɔ me. 11  Nyɔnu nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi me le ɖokuibɔbɔ blibo me.+ 12  Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ be wòazi ɖoɖoe.+ 13  Elabena Adam ye wowɔ gbã, emegbe la, Xawa.+ 14  Eye menye Adam ye woble o, ke boŋ nyɔnu lae woble vevie,+ eye wòdze vodada me. 15  Gake woakpɔ nyɔnu ta dedie to vidzidzi me,+ ne eyi edzi* zɔ le xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔenyenye kpakple ŋuɖɔɖo me ko.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “avuléla.”
Alo, “ame ƒomeviwo katã ta.”
Alo, “nado awu bubu nanɔ eŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne woyi edzi.”