Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðoɖo Ka Nue Yehowa Ðasefowo Ƒe Hamewo Le?

Ðoɖo Ka Nue Yehowa Ðasefowo Ƒe Hamewo Le?

 Hamemetsitsiwo ƒe ha kpɔa hame ɖe sia ɖe dzi. Hame siwo anɔ 20 wɔa nutome sue ɖeka, eye nutome sue siwo anɔ abe 10 ene wɔa nutome gã ɖeka. Dzikpɔla mɔzɔlawo, ame siwo woyɔna be nutome sue dzikpɔlawo kple nutome gã dzikpɔlawo, sraa hamewo kpɔ edziedzi.

 Dɔdzikpɔha si me tɔwo nye Ðasefo siwo subɔ ɣeyiɣi didi aɖe naa Biblia me mɔfiame mí, eye Dɔdzikpɔha sia le Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York.​—Dɔwɔwɔwo 15:​23-29; 1 Timoteo 3:​1-7.