Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?

Nu Ka Dzie Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?

 Mí Yehowa Ðasefowo míedzea agbagba be míanɔ agbe ɖe Kristotɔnyenye si Yesu fia, si dzi eƒe apostolowo zɔ ɖo la nu. Nyati sia ƒo nu tso míaƒe dzixɔse veviwo ŋu kpuie.

  1.   Mawu. Míesubɔa Mawu vavã ɖeka si nye Ŋusẽkatãtɔ kple Wɔla la. Eŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18; Nyaɖeɖefia 4:11) Eyae nye Abraham, Mose kple Yesu ƒe Mawu la.​—2 Mose 3:6; 32:11; Yohanes 20:17.

  2.   Biblia. Míexɔe se be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ eƒe gbedeasia na amegbetɔwo. (Yohanes 17:17; 2 Timoteo 3:16) Míetu míaƒe dzixɔsewo katã ɖe Biblia-gbalẽ 66-awo katã dzi; agbalẽ siawo tso “Nubabla Xoxoa” kple “Nubabla Yeyea” siaa me. Nufialagã Jason D. BeDuhn gblɔe wòsɔ nyuie esi wòŋlɔ bena, Yehowa Ðasefowo “tu woƒe dzixɔsewo kple subɔsubɔnuwɔnawo katã ɖe Biblia ŋutɔ dzi, ke woawo ŋutɔwo meɖo nu si dzi wodi be yewoaxɔ ase la ɖi o.” a

     Togbɔ be míexɔ Biblia bliboa me nyawo dzi se hã la, menye blemakɔnuléɖeasilawoe míenye o. Míelɔ̃ ɖe edzi be woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo ɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me eye menye ɖeko míase wo gɔme abe ale si tututu woŋlɔ wo ɖi ene o.​—Nyaɖeɖefia 1:1.

  3.   Yesu. Míezɔna ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafia kple eƒe kpɔɖeŋuwo nu eye míedea bubu eŋu elabe eyae nye mía Ðela kple Mawu ƒe Vi la. (Mateo 20:28; Dɔwɔwɔwo 5:31) Eya ta Kristotɔwoe míenye. (Dɔwɔwɔwo 11:26) Ke hã, míesrɔ̃e le Biblia me be menye Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o, eye Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke meɖo kpe Trinita alo Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia dzi o.​—Yohanes 14:28.

  4.   Mawu Fiaɖuƒe La. Esia nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ le dziƒo, menye nɔnɔme aɖe si le Kristotɔwo ƒe dzi me ye o. Ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe, eye wòana tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu nava eme. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.) Eteƒe madidi o esia ava eme, elabena Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be míele “ŋkeke mamlɛawo me.”​—2 Timoteo 3:1-5; Mateo 24:3-14.

     Yesue nye Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo la ƒe Fia. Ete dziɖuɖu tso ƒe 1914 me.​—Nyaɖeɖefia 11:15.

  5.   Xɔxɔ. Yesu ƒe tafevɔsa ate ŋu ana míakpɔ xɔxɔ tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Mateo 20:28; Dɔwɔwɔwo 4:12) Hafi Yesu ƒe tafevɔsaa naɖe vi na ame aɖe la, ele be wòaxɔ Yesu dzi ase eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ ahaxɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19, 20; Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 3:19, 20) Ame ƒe dɔwɔwɔwoe ɖenɛ fiana be xɔse le esi. (Yakobo 2:24, 26) Gake menye ame aɖe ŋutɔ ƒe agbagbadzedze dzie wòato akpɔ xɔxɔ o, ke boŋ “Mawu ƒe amenuveve” ye.​—Galatiatɔwo 2:16, 21.

  6.   Dziƒo. Yehowa Mawu, Yesu Kristo kple mawudɔla wɔnuteƒewo le gbɔgbɔmenuto me. b (Psalmo 103:19-21; Dɔwɔwɔwo 7:55) Woagbɔ agbe amewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe siwo ƒe xexlẽme nye ame 144,000 be woaɖu dzi kple Yesu le dziƒo le Fiaɖuƒea me.​—Daniel 7:27; 2 Timoteo 2:12; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3.

  7.   Anyigba. Mawu wɔ anyigba be wòanye amegbetɔwo ƒe aƒe tegbee. (Psalmo 104:5; 115:16; Nyagblɔla 1:4) Mawu ayra toɖola wɔnuteƒewo ale be woava nɔ lãmesẽ deblibo me eye woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.​—Psalmo 37:11, 34.

  8.   Vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe. Esia dze egɔme esime mawudɔla aɖe dze aglã. (Yohanes 8:44) Mawudɔla sia, si wova yɔ be “Satana” kple “Abosam” le eƒe aglãdzedzea megbe la, ƒoe ɖe atsu kple asi gbãtɔ nu wowɔ ɖeka kplii le eƒe aglãdzedzea me, eye emetsonuawo he fukpekpe vɛ na woƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 3:1-6; Romatɔwo 5:12) Esi Mawu di be yeakpɔ nya si Satana fɔ ɖe te la gbɔ ta la, eɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu, gake maɖe mɔ ɖe nu siawo ŋu tegbee o.

  9.   Ku. Ame siwo ku la megale afi aɖeke o. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10) Womele funyafunya wɔm wo le dzo mavɔ me o.

     To tsitretsitsia dzi la, Mawu agbɔ agbe ame miliɔn akpe siwo ku la. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Gake ne ame siwo woafɔ ɖe tsitre dometɔ aɖewo gbe be yewomazɔ ɖe Mawu ƒe mɔwo dzi o la, woatsrɔ̃ wo eye tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke maganɔ anyi na wo o.​—Nyaɖeɖefia 20:14, 15.

  10.   Ƒome. Míeléa dzidzenu si Mawu ɖo tso gɔmedzedzea me ke be srɔ̃ɖeɖe nanye ɖekawɔwɔ si anɔ ŋutsu kple nyɔnu dome, eye ahasiwɔwɔ ko dzie woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ la me ɖe asi. (Mateo 19:4-9) Míeka ɖe edzi be nunya si le Biblia me kpena ɖe ƒomewo ŋu wokpɔa dzidzedze.​—Efesotɔwo 5:22–6:1.

  11.   Míaƒe subɔsubɔ. Míesubɔa atitsoga alo nɔnɔmewɔwɔ aɖeke o. (5 Mose 4:15-19; 1 Yohanes 5:21) Míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  12.   Míaƒe habɔbɔa. Wowɔ ɖoɖo míele hame vovovowo me, eye hamemetsitsiwo ƒe ha si kpɔa hamea dzi la le hame ɖe sia ɖe me. Gake menye subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe hamemetsitsiawo nye o, eye womexea fe na wo o. (Mateo 10:8; 23:8) Míenaa nu ewolia o, eye womedzɔa ga le amewo si le míaƒe kpekpewo me o. (2 Korintotɔwo 9:7) Ga siwo amewo dzɔna faa ye wotsɔ dɔa alɔ míaƒe dɔa eye womeʋua go gadzɔlawo ƒe ŋkɔ o.

     Dɔdzikpɔha, si nye Kristotɔ tsitsiwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe siwo subɔna le míaƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã, lae naa mɔfiamewo Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo.​—Mateo 24:45.

  13.   Míaƒe ɖekawɔwɔ. Míaƒe dzixɔsewo le ɖeka le xexea me godoo. (1 Korintotɔwo 1:10) Míedzea agbagba be hadomeɖoƒewo, dekɔnuwo kple dukɔ si me tɔwo míenye nagade mama mía me o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Yakobo 2:4) Togbɔ be míewɔ ɖeka hã la, gome le ame sia ame si be wòatia nu si wòawɔ. Ðasefo ɖe sia ɖe tsoa nya me le mɔ si wɔ ɖeka kple eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la nu.​—Romatɔwo 14:1-4; Hebritɔwo 5:14.

  14.   Míaƒe nuwɔnawo. Míedzea agbagba be míaɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia le míaƒe nuwɔnawo me. (Yohanes 13:34, 35) Míeƒoa asa na nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o. Esiawo dometɔ ɖekae nye ʋudodo, si nye ʋuzazã le mɔ gbegblẽ nu. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Galatiatɔwo 5:19-21) Míenye ŋutifafamewo, eye míekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o. (Mateo 5:9; Yesaya 2:4) Míedea bubu dukɔ si me míele ƒe dziɖuɖu ŋu eye míewɔna ɖe eƒe se dzi ne esia wɔwɔ mana míada Mawu ƒe se dzi o ko.​—Mateo 22:21; Dɔwɔwɔwo 5:29.

  15.   Mí kple ame bubuwo dome ƒomedodo. Yesu de se be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Egblɔ hã be Kristotɔwo menye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Mateo 22:39; Yohanes 17:16) Eya ta míedzea agbagba be “míawɔ nyui na amewo katã.” Gake míeɖonɛ kplikpaa be míade akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o, eye míedoa ka kple subɔsubɔha bubu aɖeke o. (Galatiatɔwo 6:10; 2 Korintotɔwo 6:14) Gake míexea mɔ na ame siwo tiae be yewoakpɔ gome le nuwɔna mawo me la o.​—Romatɔwo 14:12.

 Ne nyabiase bubuwo gale asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu la, àte ŋu axlẽ nu geɖe tso mía ŋu le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea, àte ŋu ado ka kple míaƒe dɔwɔƒeawo dometɔ ɖeka, ade kpekpe le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me alo àƒo nu kple Ðasefo aɖe si le miaƒe nutoa me.

a Kpɔ agbalẽ si nye Truth in Translation, axa 165.

b Wotsɔ mawudɔla vɔ̃ɖiwo ƒu gbe tso dziƒo, gake wokpɔtɔ le gbɔgbɔmenutowo me.​—Nyaɖeɖefia 12:7-9.