Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gɔmesese Kae Nɔa Xexlẽdzesiwo Si Le Biblia Me? Ðe Biblia Da Asi Ðe Xexlẽdzesifakaka Dzia?

Gɔmesese Kae Nɔa Xexlẽdzesiwo Si Le Biblia Me? Ðe Biblia Da Asi Ðe Xexlẽdzesifakaka Dzia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Zi geɖe la, xexlẽdzesi siwo le Biblia me la fiaa xexlẽdzesi ŋutɔŋutɔwo, gake ɣeaɖewoɣi la wozãa wo tsɔ fia nu bubuwo. Zi geɖe la, nya siwo ƒo xlã nya la ɖenɛ fiana nenye be ɖe wozãe wòfia nu bubu aɖe. Kpɔ xexlẽdzesi siwo wozã le Biblia me wofia nu bubuwo dometɔ aɖewo ɖa:

  • 1 Ðekawɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu do gbe ɖa na Mawu ku ɖe eyomedzelawo ŋu be: “Wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene.”—Yohanes 17:21; Mateo 19:6.

  • 2 Le senyawo me la, ɖasefo eve ɖoa kpe nya ƒe nyateƒenyenye dzi. (5 Mose 17:6) Nenema kee ne wogbugbɔ ŋutega alo nya aɖe gblɔ zi eve la, enye kpeɖodzi be nyaa nye nya vavã eye kakaɖedzi le eŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime Yosef ɖe drɔ̃e si Farao ku gɔme nɛ la, egblɔ be: “Esi Farao ku drɔ̃ea zi eve la, efia be Mawu vavã la ɖoe kplikpaa, eye Mawu vavã la le ewɔ ge kpuie.” (1 Mose 41:32) Le nyagblɔɖiwo me la, “dzoevee” tea ŋu fiaa dziɖuɖu ƒokpli eve abe ale si woɖe eme na nyagblɔɖila Daniel ku ɖe Medo-Persia Fiaɖuƒea ŋu ene.Daniel 8:20, 21; Nyaɖeɖefia 13:11.

  • 3 Abe ale si ko ɖasefo etɔ̃ ɖoa kpe nya ƒe nyateƒenyenye dzi keŋkeŋ ene la, nenema kee ne wogbugbɔ nya aɖe gblɔ zi etɔ̃ la, etea gbe ɖe edzi keŋkeŋ be nyaa nye nyateƒe.Ezekiel 21:27; Dɔwɔwɔwo 10:9-16; Nyaɖeɖefia 4:8; 8:13.

  • 4 Efia nane ƒe nɔnɔme alo eƒe dɔwɔwɔ ƒe blibonyenye abe ale si wòdze le nyagbe si nye “anyigba ƒe dzogoe eneawo” me ene.—Nyaɖeɖefia 7:1; 21:16; Yesaya 11:12.

  • 6 Xexlẽdzesi sia fia be ɖeka to le adre, si fia nu ƒe dede keŋkeŋ zi geɖe la me, xexlẽdzesi ade ate ŋu afia nu si mede o, mede blibo o alo nu si do ƒome kple Mawu ƒe futɔwo.1 Kronika 20:6; Daniel 3:1; Nyaɖeɖefia 13:18.

  • 7 Wozãa xexlẽdzesi sia wòfiaa nu si de keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu de se na Israel-viwo be woazɔ aƒo xlã Yeriko-dua ŋkeke adre, eye le ŋkeke adrelia dzi la woaƒo xlã dua zi adre sɔŋ. (Yosua 6:15) Wozãa xexlẽdzesi adre le gɔmesese sia nu le Biblia me zi geɖe. (3 Mose 4:6; 25:8; 26:18; Psalmo 119:164; Nyaɖeɖefia 1:20; 13:1; 17:10) Esi Yesu gblɔ na Petro be wòatsɔ ake ehavi menye “va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre” la, ale si wògbugbɔ xexlẽdzesi adre yɔ le afi sia fia be “seɖoƒe meli” na zi neni si wòatsɔ ake o.—Mateo 18:21, 22.

  • 10 Xexlẽdzesi sia ate ŋu afia nane ƒe agbɔsɔsɔ katã alo eƒe ƒuƒoƒo.2 Mose 34:28; Luka 19:13; Nyaɖeɖefia 2:10.

  • 12 Edze abe xexlẽdzesi sia fia Mawu ƒe ɖoɖo si sɔ blibo ene. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Yohanes kpɔ dziƒowo le ŋutega aɖe me, ekpɔ du aɖe, “woɖo gɔmeɖokpe wuieve na dua ƒe gli la . . . eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo ɖe wo ŋu.” (Nyaɖeɖefia 21:14; 1 Mose 49:28) Gɔmesese sia ke tea ŋu nɔa xexlẽdzesi siwo woate ŋu ama ɖe teƒe 12 pɛpɛpɛ hã si.Nyaɖeɖefia 4:4; 7:4-8.

  • 40 Wozãa xexlẽdzesi 40 tsɔ do ƒome kple toheɣi kple ʋɔnudrɔ̃gbedeasi geɖewo.1 Mose 7:4; Ezekiel 29:11, 12.

Xexlẽdzesifakaka

Ale si wozã xexlẽdzesiwo le Biblia me woƒe gɔmesese fiaa nu bubuwo la to vovo sãa na xexlẽdzesifakaka. Le xexlẽdzesifakaka ya gome la, wokaa afa dia xexlẽdzesiwo ƒe gɔmesese kple gɔmesese si le xexlẽdzesiwo ƒe ƒuƒoƒowo si. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔwo ƒe Nyaɣaɣlafialawo xɔe se be gɔmesese ɣaɣla aɖe nɔa nuŋlɔdzesi ɖe sia ɖe si le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la si. Xexlẽdzesiwo tsia tsitre ɖi na nuŋlɔdzesi ɖe sia ɖe. Eya ta wodia xexlẽdzesi siwo tsi tsitre ɖi na nuŋlɔdzesi ɖe sia ɖe la ƒe gɔmesese eye wonɔa te ɖe wo dzi ɖea Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme. Mawu lé fu xexlẽdzesifakaka.5 Mose 18:10-12.