2 Timoteo 3:1-17

  • Ɣeyiɣi sesẽwo le ŋkeke mamlɛawo me (1-7)

  • Dze Paulo ƒe kpɔɖeŋu yome pɛpɛpɛ (8-13)

  • “Nɔ nu siwo nèsrɔ̃ la me” (14-17)

    • Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me (16)

3  Ke nya esia be le ŋkeke mamlɛawo me la,+ ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.  Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo,  ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o,  yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu,  ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o;+ te ɖokuiwò ɖa tso ame siawo gbɔ.  Elabena ame siawo dometɔ aɖewo bena dzaa gena ɖe aƒewo me heɖea aboyo nyɔnu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ siwo nu vɔ̃ do agba na eye nudzodzro vovovowo hea wo la,  eye ame siawo nɔa nusɔsrɔ̃ dzi ɣesiaɣi, evɔ wometea ŋu kena ɖe nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la ŋu hã gbeɖe o.  Ke ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋui la, nenema kee ame siawo hã le tsitre tsim ɖe nyateƒe la ŋu. Ame siawo ƒe susu gblẽ keŋkeŋ, eye woƒe nu medze Mawu ŋu le xɔse la me o.  Ke womagate ŋu ayi ŋgɔ o, elabena woƒe movidzɔdzɔ la adze gaglã na amewo katã, abe ale si ko ame eve mawo tɔ dzee ene.+ 10  Ke wò la, èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ,+ nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃ kple nye dzidodo yome pɛpɛpɛ, 11  eye nènya nu tso yometiti kple fu siwo tɔgbi mekpe le Antiokia,+ Ikonio+ kple Listra+ la ŋu. Medo dzi le yometiti siawo me, eye Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.+ 12  Le nyateƒe me la, ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.+ 13  Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo flum, eye amewo hã anɔ wo flum.+ 14  Ke wò la, nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me,+ elabena ènya ame siwo gbɔ nèsrɔ̃ wo le, 15  eye be tso ɖevime kee+ nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,+ siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.+ 16  Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,+ eye wònyo na nufiafia,+ na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,+ 17  ale be Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.

Etenuŋɔŋlɔ