NYABIASE 7
Nya Kae Biblia Gblɔ Ði Tso Míaƒe Ŋkekeawo Ŋu?
“Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu . . . Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.”
“Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo ado eye woakplɔ ame geɖewo atrae; eye le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.”
“Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo la, dzika megatso mia ƒo o; ele be nu siawo nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.”
“Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo; eye woakpɔ nu dovoɖinamewo kple dzesi gãwo tso dziƒo.”
“Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.”