NYABIASE 15

Aleke Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ?

“Ama agba ɖeka si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyitsu dami si ŋu fuléle kpe ɖo.”

Lododowo 15:17

“Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.”

Yesaya 48:17

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.”

Mateo 5:3

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”

Mateo 22:39

“Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”

Luka 6:31

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”

Luka 11:28

“Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”

Luka 12:15

“Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”

1 Timoteo 6:8

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”

Dɔwɔwɔwo 20:35