Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 14

Aleke Nàte Ŋu Awɔ Ðoɖo Ðe Wò Nuwo Ŋu Nyuie?

“Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la, hiã atui; ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ ho o.”

Lododowo 21:17

“Ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le.”

Lododowo 22:7

“Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã? Ne menye nenema o la, aɖo egɔme anyi, gake mate ŋu awu enu o, eye ame siwo katã kpɔe la aɖu fewu le eŋu agblɔ be: ‘Ame sia dze xɔtutu gɔme, gake mete ŋu wu enu o.’”

Luka 14:28-30

“Esi ameawo ɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.’”

Yohanes 6:12