Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 6

Nya Kae Biblia Gblɔ Ði Tso Mesia La Ŋu?

NYAGBLƆÐI

“Oo wò, Betlehem Efrata, . . . mewòe ame si anye dziɖula le Israel la ado tso nam.”

Mika 5:2

EMEVAVA

“Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, ɣletivimefakalawo tso Ɣedzeƒe va Yerusalem.”

Mateo 2:1

NYAGBLƆÐI

“Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.”

Psalmo 22:18

EMEVAVA

“Ke esi asrafowo he Yesu ɖe ati ŋu la, wotsɔ eƒe awudziwuiwo, eye woma wo ɖe akpa ene me . . . Ke wometɔ awutewuia ya o, ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.’”

Yohanes 19:23, 24

NYAGBLƆÐI

“Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta; womeŋe wo dometɔ ɖeka pɛ hã o.”

Psalmo 34:20

EMEVAVA

“Esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o.”

Yohanes 19:33

NYAGBLƆÐI

“Míaƒe dzidada tae woƒo nu ɖee ɖo.”

Yesaya 53:5

EMEVAVA

“Asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame, enumake ʋu kple tsi do go.”

Yohanes 19:34

NYAGBLƆÐI

“Wotsɔ klosalo blaetɔ̃ xe fe nam.”

Zakariya 11:12, 13

EMEVAVA

“Eye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot la yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ ɖabia wo be: ‘Nu kae mianam ne madee asi na mi?’ Wogblɔ be yewoana klosalo blaetɔ̃e.”

Mateo 26:14, 15; 27:5