NYABIASE 13

Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Dɔwɔwɔ Ŋu?

“Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ ŋua? Fiawo ŋkumee wòado ɖo; mado ɖe ame tsɛwo ŋkume o.”

Lododowo 22:29

“Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.”

Efesotɔwo 4:28

“Ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.”

Nyagblɔla 3:13