2 Mose 3:1-22

  • Mose kple ŋuve si le bibim (1-12)

  • Yehowa ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋu fia (13-15)

  • Yehowa fia mɔ Mose (16-22)

3  Mose kplɔa toa Yetro,*+ Midian nunɔla la, ƒe alẽha. Esime wòkplɔ lãha la ɖo ta gbedzi le ɣetoɖoƒe gome la, eva ɖo Mawu vavã la ƒe to Horeb gbɔ.+ 2  Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzoƒaɖe me le ŋuve aɖe me.+ Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ be ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o. 3  Eye Mose gblɔ be: “Mayi aɖakpɔ nu wɔnuku sia, ne makpɔ nu si tae ŋuve la mele fiafiãm o.” 4  Esi Yehowa kpɔ be ete va be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me be: “Mose! Mose!” Eye wòtɔ be: “Nyee nye esi!” 5  Egblɔ nɛ be: “Mègate va afi sia o. Ðe wò afɔkpawo, elabena teƒe si nèle tsitre ɖo la, anyigba kɔkɔe wònye.” 6  Eye wògagblɔ be: “Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu,+ Isak ƒe Mawu+ kple Yakob ƒe Mawu.”+ Enumake Mose ɣla eƒe ŋkume, elabena ele vɔvɔ̃m na Mawu vavã la kpɔkpɔ. 7  Yehowa gagblɔ be: “Mekpɔ nye dukɔ si le Egipte la ƒe fukpekpe la keŋ, eye mese ɣli si dom wole le ame siwo zia wo dzi be woawɔ dɔ la ta; menya fu siwo kpem wole la nyuie.+ 8  Eya ta maɖi ayi aɖaɖe wo tso Egiptetɔwo si me,+ eye makplɔ wo adzoe le anyigba ma dzi ayi anyigba nyui si keke la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le,+ si nye Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba.+ 9  Kpɔ ɖa! Israel-viwo ƒe ɣlidodo la va ɖo gbɔnye, eye mekpɔ ale si gbegbe Egiptetɔwo te wo ɖe anyi vevie la hã.+ 10  Eya ta va madɔ wò ɖe Farao gbɔ, ne nàkplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe le Egipte.”+ 11  Ke Mose gblɔ na Mawu vavã la be: “Ame kae menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte?” 12  Eye wòɖo eŋu be: “Manɔ kpli wò,+ eye esiae anye dzesi na wò be nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ* Mawu vavã la le to sia dzi.”+ 13  Ke Mose gblɔ na Mawu vavã la be: “Tsɔe be meyi Israel-viwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: ‘Mia tɔgbuiwo ƒe Mawu lae dɔm ɖe mia gbɔ,’ eye wobiam be: ‘Eŋkɔ ɖe hã la?’+ Nya kae magblɔ na wo?” 14  Eye Mawu gblɔ na Mose be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.”*+ Eye wògblɔ kpee be: “Ale nàgblɔ na Israel-viwoe nye esi: ‘Mava Nye ye dɔm ɖe mia gbɔ.’”+ 15  Eye Mawu gagblɔ na Mose be: “Ale nàgblɔ na Israel-viwoe nye esi: ‘Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu,+ Isak ƒe Mawu+ kple Yakob ƒe Mawu+ lae dɔm ɖe mia gbɔ.’ Esiae nye nye ŋkɔ tegbee,+ eye esiae woatsɔ aɖo ŋku dzinye tso dzidzime yi dzidzime. 16  Azɔ yi nàƒo Israel ƒe ametsitsiwo nu ƒu, eye nàgblɔ na wo be: ‘Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fiam gblɔ be: “Nye ŋkuwo le mia ŋu,+ eye mekpɔ nu si wɔm wole ɖe mia ŋu le Egipte. 17  Esia ta mebe: Maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe fuwɔame la me,+ eye makplɔ mi ayi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo,+ Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ ƒe anyigba dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le.”’+ 18  “Woaɖo to wò gbe;+ eye wò kple Israel ƒe ametsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la,+ ƒo nu kpli mí; eya ta míeɖe kuku, míedi be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa mía Mawu la.’+ 19  Gake menyae nyuie be Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖe asi sẽ ɖe edzi ko hafi.+ 20  Eya ta mado nye asi ɖa, eye matsɔ nukunu siwo katã mawɔ le Egipte la atu nu kplii, eye emegbe la, ana miadzo.+ 21  Mana Egiptetɔwo nave dukɔ sia nu, eye ne miele dzodzom la, miadzo asi gbɔlo o.+ 22  Nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalonuwo, sikanuwo kple awuwo tso ehavi kple nyɔnu si le eƒe me la si, eye miado wo na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo; eye miaha Egiptetɔwo.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Yetro kee wogayɔna be Reuel.
Alo, “miade ta agu na.”
Alo, “Manye Ame Si Medi Be Manye.” Kpɔ Megbenyawo A4.