SƆHƐWO BIANA BE
Aleke Mate Ŋu Ana Hehe Nye Dzitsinya?
Nu siwo gbɔna la dometɔ kae woate ŋu atsɔ wò dzitsinya asɔ kple?
taɖoƒefianu
ahuhɔ̃e
xɔlɔ̃
ʋɔnudrɔ̃la
Ŋuɖoɖo nyuitɔae nye be, woate ŋu atsɔe asɔ kple enea katã. Nyati sia ana nàkpɔ nu si tae.
Nu kae nye dzitsinya?
Wò dzitsinyae nye ŋutete si le mewò be nàte ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Biblia gblɔ be, ele “abe se si woŋlɔ ɖe amegbetɔ ƒe dzi me ene.” (Romatɔwo 2:15, Contemporary English Version) Ne dzitsinya nyui le asiwò la, akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be nane si nèwɔ alo nane si nèɖo be yeawɔ la nyo loo alo menyo o.
Wò dzitsinya le abe taɖoƒefianu (compass alo la boussole) ene. Abe ale si ko taɖoƒefianu fiaa mɔ nyuitɔ si wòle be ame nato ene la, nenema kee wò dzitsinya hã fiaa nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ la wò, be nàƒo asa na kuxiwo.
Wò dzitsinya le abe ahuhɔ̃e ene. Ana nàkpɔ ame si tututu nènye le ememe la adze sii.
Wò dzitsinya le abe xɔlɔ̃ nyui aɖe ene. Ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò, eye akpe ɖe ŋuwò be agbea nadze edzi na wò ne èɖo toe.
Wò dzitsinya le abe ʋɔnudrɔ̃la ene. Ne èwɔ nu gbegblẽ la, abu fɔ wò.
Dzitsinya nyui ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie
Nya vevitɔ: Wò dzitsinya le abe dɔwɔnu vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be (1) nàtso nya me nyuie, eye (2) nàɖɔ vodada siwo nèwɔ la ɖo.
Nu ka tae wònyo be nàna hehe wò dzitsinya?
Biblia gblɔ na mí be ‘míana dzitsinya nyui nanɔ mía si.’ (1 Petro 3:16) Gake asesẽ be nàwɔ esia ne mèna hehe wò dzitsinya o.
“Ne dzinyelawo bia nyam tso afi siwo meyi ŋu la, meblea wo, nyemegblɔnɛ na wo o. Le gɔmedzedzea me la, nye dzitsinya ɖea fu nam, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyemegasena le ɖokuinye me be mele nu gbegblẽ wɔm o.”—Jennifer.
Mlɔeba la, Jennifer ƒe dzitsinya va ʋãe wògblɔ nu si nɔ edzi yim la na edzilawo eye wòdzudzɔ wo beble.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Ɣekaɣie wòle be Jennifer ƒe dzitsinya naʋãe hafi?
“Nu gbegblẽ wɔwɔ le adzame nana nu tea ame ŋu ŋutɔ. Ne mèɖo to wò dzitsinya o eye nèwɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe ko la, anɔ bɔbɔe be nàgawɔ nyametsotso gbegblẽ bubuwo.”—Matthew.
Ame aɖewo megaɖoa to woƒe dzitsinya kura o. Biblia gblɔ tso ame siawo tɔgbi ŋu be, “naneke megakpea ŋu na wo o.” (Efesotɔwo 4:19) Biblia gɔmeɖeɖe si nye Agbenya La gblɔ be: “Ŋukpe aɖeke megale mo na wo o.”
Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe ame siwo megaɖoa to woƒe dzitsinya o la ƒe agbe dzea edzi na wo wua? Kuxi kawoe ava wo dzi godoo?
Nya vevitɔ: Hafi dzitsinya nyui nasu asiwò la, ehiã be nàna hehe wò “nugɔmeseseŋutetewo . . . be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.
Aleke nàte ŋu ana hehe wò dzitsinya?
Hafi nàte ŋu ana hehe wò dzitsinya la, ehiã be dzidzenu nyui si nàte ŋu atsɔ ado wò nyametsotsowo kple nuwɔnawo kpɔ la nanɔ asiwò. Le ame aɖewo gome la, ame siwo ƒe mɔfiamewo dzi wozɔna ɖoe nye:
woƒe ƒometɔwo kple wo detɔwo
wo hatiwo
fefewɔla xɔŋkɔwo
Ke hã, Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe ale si wòle be míanɔ agbee ŋu la nyo sãsãsã wu mɔfiame mawo. Esia mewɔ nuku o, elabena Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,” eye esi wònye be Mawue nye mía Wɔla ta la, enya nu si nyo na mí wu.—2 Timoteo 3:16.
Bu Biblia ƒe mɔfiameawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
MƆFIAMEA: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.
Aleke mɔfiame sia ate ŋu afia mɔ wò dzitsinya ne eva susu me na wò be yeafi dɔ akpɔ le dodokpɔ me, ada alakpa na dziwòlawo, alo afi fi?
Ne wò dzitsinya ʋãa wò be nàɖi anukware le nu sia nu me la, aleke nèsusu be esia ate ŋu aɖe vi na wò fifia kple le etsɔme?
MƆFIAMEA: “Misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu.”—1 Korintotɔwo 6:18.
Aleke mɔfiame sia ate ŋu afia mɔ wò dzitsinya ne edzro wò be nàkpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo alo nàdɔ kple ame aɖe evɔ mèkpɔ ɖe srɔ̃ o?
Ne wò dzitsinya ʋã wò nèƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu la, aleke esia aɖe vi na wò fifia kple le etsɔme?
MƆFIAMEA: “Minyo dɔme na mia nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.”—Efesotɔwo 4:32.
Aleke mɔfiame sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne masɔmasɔ aɖe ɖo wò kple nɔviwò alo xɔ̃wò aɖe dome?
Ne wò dzitsinya ʋãa wò nèsea veve ɖe ame nu eye nètsɔa vodada kena la, aleke esia aɖe vi na wò fifia kple le etsɔme?
MƆFIAMEA: ‘Yehowa léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’—Psalmo 11:5.
Aleke mɔfiame sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya film alo television dzi wɔna siwo nàkpɔ kple videofefe siwo nàƒo?
Ne wò dzitsinya ʋã wò nèƒo asa na modzakaɖeɖe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔwo le la, aleke esia aɖe vi na wò fifia kple le etsɔme?
NUDZƆDZƆ ŊUTƆŊUTƆ: “Xɔ̃nye aɖewo ƒoa videofefe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔwo le, eye nye hã meƒonɛ. Gake tɔnye de se nam be magaƒo videofefe mawo azɔ o. Eya ta, ne meyi xɔ̃nyewo gbɔ koe meƒonɛ. Ne megbɔ va aƒe me la, nyemegblɔa nya aɖeke tso eŋu o. Tɔnye bianam be meli nyuie hafi hã, eye meɖoa eŋu nɛ be meli nyuie. Gake gbe ɖeka la, mexlẽ Psalmo 11:5 eye nye dzitsinya va nɔ fu ɖem nam ɖe nu si wɔm menɔ ta. Mekpɔe be ele be madzudzɔ videofefe mawo ƒoƒo, eye medzudzɔ hã. Esi xɔ̃nyeawo dometɔ ɖeka kpɔ esia la, eya hã dzudzɔ videofefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le la ƒoƒo.”—Jeremy.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Ɣekaɣie Jeremy ƒe dzitsinya va te dɔwɔwɔ, eye ɣekaɣie wòva ɖo toe? Nu kae nèsrɔ tso Jeremy ƒe ŋutinyaa me?
Nya vevitɔ: Wò dzitsinya ɖea ame si ƒomevi nènye kple nu siwo le vevie na wò la fiana. Nu kae wò dzitsinya ɖena fiana le ŋuwò?