Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?

Nu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Woyɔa Yesu le Biblia me zi geɖe be “Mawu ƒe Vi.” (Yohanes 1:49) Biblia zã nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe Vi” le gɔmesesea nu be Mawue nye Wɔla la, alo agbe ɖe sia ɖe Dzɔtsoƒe eye Yesu ƒe agbe hã le eme. (Psalmo 36:9; Nyaɖeɖefia 4:11) Biblia megblɔ be Mawu dzi Yesu abe ale si amegbetɔwo dzia vi ene o.

 Woyɔa mawudɔlawo hã le Biblia me be “Mawu vavã la ƒe viwo.” (Hiob 1:6) Biblia gblɔ tso amegbetɔ gbãtɔ, Adam, ŋu be enye “Mawu ƒe vi.” (Luka 3:38) Ke hã, esi wònye be Yesue nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye eya koe nye ame si Mawu ŋutɔ wɔ tẽe ta la, Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be enye Mawu ƒe Vi vevitɔ.

 Ðe Yesu nɔ dziƒo kpɔ hafi wova dzii ɖe anyigba dzia?

 Ɛ̃. Yesu nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo hafi wova dzii ɖe anyigba dzi. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va.”—Yohanes 6:38; 8:23.

 Mawu wɔ Yesu hafi wɔ nu bubu ɖe sia ɖe. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be:

 Yesu ŋue wogblɔ le be enye “ame si dzɔɣi tso blemablema ke, tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.”—Mika 5:2; Mateo 2:4-6.

 Nu kawoe Yesu nɔ wɔwɔm le dziƒo hafi va anyigba dzi?

 Enɔ ɖoƒe kɔkɔ aɖe le dziƒo. Yesu he susu yi ɖoƒe sia dzi esi wòdo gbe ɖa be: “Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi.”—Yohanes 17:5.

 Ekpe ɖe Fofoa ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Yesu wɔ dɔ aduadu kple Mawu abe “dɔwɔla bibi” ene. (Lododowo 8:30) Biblia gblɔ le Yesu ŋu be: “Eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi.”—Kolosetɔwo 1:16.

 Mawu to Yesu dzi wɔ nu bubuwo katã. Wo dometɔ aɖewoe nye mawudɔlawo kple xexe gbahooa. (Nyaɖeɖefia 5:11) Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ ale si Mawu kple Yesu wɔ dɔ aduadui la asɔ kple ale si xɔtuɖaŋunyala kple xɔtula wɔa dɔe. Xɔtuɖaŋunyalaa wɔa ale si woatu xɔa ƒe nɔnɔmetata, eye xɔtulaa kpɔa nɔnɔmetataa dzi tua xɔa.

 Yesu nye Nya la. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe agbenɔnɔ le dziƒo do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi vava ŋu la, eyɔe be “Nya la.” (Yohanes 1:1) Anɔ eme be esia fia be Mawu to Via dzi tsɔ gbedeasiwo kple mɔfiamewo na mawudɔla bubuawo.

 Azɔ hã, anɔ eme be Mawu zã Yesu abe eƒe Nyanuɖela ene tsɔ ƒo nu na amegbetɔwo le anyigba dzi. Anɔ eme be Mawu ƒo nu to Yesu dzi abe Nya la ene esime wònɔ mɔfiame nam Adam kple Xawa le Eden-bɔa me. (1 Mose 2:16, 17) Ðewohĩ Yesu ye nye mawudɔla si kplɔ blema Israel-viwo le gbea dzi, ame si ƒe gbe dzi wòle be Israel-viwo nawɔ pɛpɛpɛ.—2 Mose 23:20-23. a

a Menye Nya la koe nye mawudɔla si dzi Mawu to ƒo nu na amewo o. Le kpɔɖeŋu me, mawudɔla bubuwo dzie wòto na Sea blema Israel-viwo, ke menye eƒe Ŋgɔgbeviae o.—Dɔwɔwɔwo 7:53; Galatiatɔwo 3:19; Hebritɔwo 2:2, 3.