Psalmowo 146:1-10

  • Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu ke menye ɖe amegbetɔwo ŋu o

    • Ame ƒe tamesusuwo katã nu yina ne eku (4)

    • Mawu fɔa ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitre (8)

146  Mikafu Yah!*+ Nye ameti bliboa nekafu* Yehowa.+  2  Makafu Yehowa le nye agbenɔɣi katã. Madzi kafukafuha* na nye Mawu zi ale si mele agbe.  3  Migaɖo ŋu ɖe amegãwo* ŋu loo,Alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.+  4  Eƒe gbɔgbɔ nu tsona, eye wògatrɔna zua anyi;+Gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.+  5  Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe xɔnametɔ Yakob ƒe Mawu la nye,+Ame si da eƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa eƒe Mawu la dzi,+  6  Eya, Ame si wɔ dziƒo kple anyigba,Atsiaƒu, kple wo me nuwo katã,+Eya, Ame si wɔa nuteƒe ɖaa tegbee,+  7  Ame si tsoa afia na ame siwo tafam wole,Ame si naa abolo dɔwuitɔwo.+ Yehowa ɖea ga gamenɔlawo.*+  8  Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo;+Yehowa fɔa ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu;+Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.  9  Yehowa kpɔa amedzroviwo ta;Eléa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe te,+Ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowo me.*+ 10  Yehowa anye Fia tegbee,+Oo Zion, wò Mawu anye fia tso dzidzime yi dzidzime. Mikafu Yah!*

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “Luʋɔnye, kafu.”
Alo, “Maƒo ha.”
Alo, “bubumewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo le babla.”
Alo, “eglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.”
Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.