Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ La Dzi Asea?

Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ La Dzi Asea?

Ame miliɔn akpe eve kple edzivɔwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Wo dometɔ akpa gãtɔ le sɔlemeha siwo da asi ɖe Mawuɖekaetɔ̃ (Trinita Kɔkɔe), si nye be Fofo la, Vi la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒo ƒu wɔ Mawu ɖeka, ƒe nufiafia dzi la me. Aleke wòdzɔe be sɔlemehawo va da asi ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia dzi? Eye vevietɔ wu la, míabia be ɖe nufiafia ma wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawoa?

WOWU Biblia ŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me. Ƒe alafa eve megbe hafi sɔlemeha va te asitɔtrɔ le nufiafia siwo dzi wova nɔ te ɖo to Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia vɛ la ŋu. Esia va eme le ƒe 325 Mía Ŋɔli me le takpekpe aɖe si wowɔ le Asia Sue ƒe du si nye Nicaea, si woyɔna fifia be Iznik si le Turkey la me. Le Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia ƒe nya nu la, nufiafia sia si dzi woda asi ɖo le Nicaea Adaŋudetakpekpea me lae nye nufiafia gbãtɔ si sɔlemeha la to vɛ. Nufiafia sia lɔ ame si Mawu kple Kristo nye la ɖe eme. Ke nu ka tae wòva hiã be woagbugbɔ aɖe ame si Mawu kple Kristo nye la me esi wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe alafa geɖe megbe? Ðe Biblia meƒo nu tso ame siawo ŋu eme kɔ nyuie o taea?

YESUE NYE MAWUA?

Le ɣeyiɣi si me Konstantino ɖeka va nɔ Roma Fiaɖuƒea dzi ɖum la, ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe susu mewɔ ɖeka le ƒomedodo si le Mawu kple Kristo dome ŋu o. Yesue nye Mawua? Alo Mawue wɔea? Be woakpɔ nya sia gbɔ la, Konstantino kpe sɔlemehaŋgɔnɔlawo be woakpe ta le Nicaea, menye esi wòdi be yeanya Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ku ɖe nya sia ŋu tae o, ke boŋ esi medi be mawusubɔsubɔnyawo nama yeƒe fiaɖuƒea me o tae.

Konstantino kpe bisiɔp alafa geɖewo be woadzro nya sia me ahalɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi, gake wodo kpoe. Le ema ta la, edo susu ɖa be adaŋudeha nada asi ɖe gɔmeɖeɖe si me mekɔ tututu o si nye be Yesu kple Fofo la “nye nu ɖeka ƒomevi” (homoousios) la dzi. Helatɔwo ƒe xexemenunya me nyagbɔgblɔ sia si mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o la dzie sɔlemeha la va nɔ te ɖo to Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia vɛ. Le nyateƒe me la, kaka ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu naɖo la, ale si woɖea Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia gɔme egbea la va xɔ anyi nɔ, si nye be gbɔgbɔ kɔkɔea hã nye ame etɔ̃lia kpe ɖe Mawu kple Kristo ŋu wozu Mawuɖekaetɔ̃.

ALEKE NYA SIA KAWÒE?

Yesu gblɔ be ‘nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le nyateƒe me.’ (Yohanes 4:23) Nyateƒe sia le Biblia me. (Yohanes 17:17) Ðe Biblia fia nu be Fofo la, Vi la kple gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame etɔ̃ le Mawu ɖeka mea?

 Susu gbãtɔe nye be nya “Mawuɖekaetɔ̃” alo “Trinita Kɔkɔe” medze le Biblia me o. Susu bubue nye be Yesu megblɔ kpɔ be ye kple Mawu yewosɔ o. Ke boŋ Yesu dea ta agu na Mawu. (Luka 22:41-44) Susu etɔ̃lia dze le ƒomedodo si le Yesu kple eyomedzelawo dome la me. Esi wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome wòzu gbɔgbɔmeme gɔ̃ hã la, eyɔ eyomedzelawo be “nɔvinyewo.” (Mateo 28:10) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nɔviwoe wonyea? Ao! Gake esi woxɔ Kristo, si nye Mawu ƒe Vi vevitɔ, dzi se ta la, woawo hã wozu Fofo la ƒe viwo. (Galatiatɔwo 3:26) Na míatsɔ mawunyakpukpui bubuwo asɔ kple nya siwo dzi woda asi ɖo le Nicaea Adaŋudetakpekpea me kpɔ.

Nya si Nicaea Xɔsemeʋuʋua gblɔ:

“Míexɔ . . . Aƒetɔ ɖeka si nye Yesu Kristo la dzi se . . . eye míexɔe se be eya kple Fofo la, ame si nye Mawu ƒe Mawu, Kekeli ƒe Kekeli, Mawu ŋutɔŋutɔ ƒe Mawu ŋutɔŋutɔ, nye nu ɖeka ƒomevi.”

Nya si Biblia gblɔ:

  • “Fofo, ame si lolo [wu nye Yesu].”Yohanes 14:28. *

  • “[Nye Yesu] meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.”Yohanes 20:17.

  • “Mawu ɖeka, si nye Fofo . . . li na mí.”1 Korintotɔwo 8:6.

  • “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.”1 Petro 1:3.

  • “Ame si nye Amen [Yesu], . . . Ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.”Nyaɖeɖefia 3:14. *

^ mm. 13 Míawoe te gbe ɖe edzi. Mawunyakpukpui siwo katã dze le afi sia la tso Eʋegbe Biblia me.

^ mm. 17 Woɖe nyati siwo nye “Ameka Tututue Mawu Nye?” kple “Amekae Nye Yesu Kristo? me le Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Àte ŋu axɔ agbalẽ sia ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ alo axlẽe le Internet dzi le www.jw.org.

“Mawu ɖeka, si nye Fofo . . . li na mí.”1 Korintotɔwo 8:6, Eʋegbe Biblia