Psalmowo 149:1-9

  • Mawu ƒe aʋadziɖuɖu ƒe kafukafuha

    • Mawu ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu (4)

    • Bubu si woade Mawu ƒe nuteƒewɔlawo katã ŋu (9)

149  Mikafu Yah!* Midzi ha yeye na Yehowa;+Mikafui le nuteƒewɔlawo ƒe ha la me.+   Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe Ewɔla Gã la ŋu;+Zion viwo netso aseye ɖe woƒe Fia la ŋu.   Woaɖu ɣe atsɔ akafu eƒe ŋkɔ,+Woatsɔ axatsɛ kple saŋku aƒo ha akafui.+   Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.+ Etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na ame fafawo.+   Nuteƒewɔlawo netso aseye le woƒe bubu ta;Wonegli kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.+   Mawukafukafuha nanɔ nu na wo,Eye yi nuevee nanɔ woƒe asiwo me,   Ne woabia hlɔ̃ dukɔwo,Eye woahe to na amehawo,   Ne woade kɔsɔkɔsɔ woƒe fiawo,Kple gakunyowu woƒe bubumewo,   Ne woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ si woŋlɔ ɖi ɖe wo ŋu la ava wo dzi.+ Esiae nye bubu si woade eƒe nuteƒewɔlawo katã ŋu. Mikafu Yah!*

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.