Psalmowo 46:1-11

  • “Mawu nye míaƒe sitsoƒe”

    • Mawu ƒe nukudɔwo (8)

    • Mawu tsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi (9)

Na henɔ la. Kora viwo+ ƒe ha. Woadzii ɖe Alamot ƒe atsyã nu.* 46  Mawu nye míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ,+Eyae nye xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.+   Esia tae míavɔ̃ o, togbɔ be anyigba la ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm hã,Togbɔ be towo mu dze atsiaƒu ƒe gogloƒewo hã,+   Togbɔ be eƒe tsiwo dze agbo, eye wotso futukpɔ hã,+Togbɔ be towo ʋuʋu le eƒe agbodzedze me hã. (Sela)   Tɔsisi aɖe li si ƒe alɔdzewo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du la,+Dziƒoʋĩtɔ la ƒe avɔgbadɔ gã kɔkɔe la.   Mawu le du la me;+ eya ta mamu akpɔ o. Mawu axɔ nɛ kaba le fɔŋli.+   Dukɔwo dze agbo, fiaɖuƒewo mu;Ekɔ gbe dzi, eye anyigba lólo.+   Aʋakɔwo ƒe Yehowa li kpli mí;+Yakob ƒe Mawu lae nye míaƒe mɔ́ sesẽ. (Sela)   Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo,Ale si wòna nu wɔmoyaawo dzɔ le anyigba dzii ɖa.   Etsia aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.+ Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe,Eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.* 10  “Mina ta, eye minyae be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome;+Woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”+ 11  Aʋakɔwo ƒe Yehowa li kpli mí;+Yakob ƒe Mawu lae nye míaƒe mɔ́ sesẽ.+ (Sela)

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “akpoxɔnuwo.”