Psalmowo 70:1-5

  • Kpekpeɖeŋu biabia vevie

    • “Wò afɔ netsɔ ɖe ŋunye” (5)

Na henɔ la. David ƒe ha, be wòanye ŋkuɖodzi. 70  Oo Mawu, xɔ nam;Oo Yehowa, va kaba nàva kpe ɖe ŋunye.+   Na ame siwo le didim be yewoaɖe nye agbe* ɖa la,Naɖu ŋukpe eye woƒe mo netsi dãa. Na ame siwo le vɔ̃e dim nam la,Nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe gã.   Na ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ehɛ̃, Ehɛ̃!” la, Natrɔ adzo kple ŋukpe.   Ke na ame siwo katã dia wò la,Natso aseye ahakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò.+ Eye ame siwo lɔ̃a wò xɔxɔdɔwo la, nanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: “Woado Mawu ɖe dzi!”   Ke nye la, wɔna vɔ le ŋunye eye hiã tum;+Oo Mawu, wò afɔ netsɔ ɖe ŋunye.+ Wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔnametɔ;+Oo Yehowa, mègatsi megbe o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”