Psalmowo 89:1-52

  • Hadzidzi le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu

    • Nubabla kple David (3)

    • David ƒe dzidzimevi ali ke tegbee (4)

    • Mawu ƒe amesiamina la yɔnɛ be ‘Fofo’ (26)

    • Nubabla kple David ŋuti kpeɖodzi (34-37)

    • Ame aɖeke masi le Tsiẽƒe nu o (48)

Maskil.* Ezrahitɔ Etan+ ƒe ha. 89  Madzi ha le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu ɖaa. Make nu agblɔ wò nuteƒewɔwɔ ŋu nya na dzidzimeawo katã.   Elabena megblɔ be: “Àɖo wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la anyi tegbee,+Eye nèli ke wò nuteƒewɔwɔ ɖe dziƒowo sesĩe.”   “Mebla nu kple nye ame tiatia la;+Meka atam na nye subɔla David be:+   ‘Mali ke wò dzidzimevi+ tegbee,Eye maɖo wò fiazikpui anyi tso dzidzime yi dzidzime.’”+ (Sela)   Oo Yehowa, dziƒowo akafu wò nukudɔwo,Ɛ̃, woakafu wò nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔewo ƒe ha me.   Elabena ame kae le dziƒo si woatsɔ asɔ kple Yehowa?+ Ame kae le abe Yehowa ene le Mawu viwo dome?+   Wode bubu gã Mawu ŋu le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha la me;+Elolo eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ na ame siwo katã ƒo xlãe.+   Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa,Ame kae sesẽ de nuwò, Oo Yah?+ Wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò godoo.+   Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi;+Ne eƒe tsotsoewo de dzi la, wòe nana wòdzea akɔ anyi.+ 10  Wòe gbã Rahab*+ gudugudu abe ame si wowu ene.+ Ètsɔ wò alɔ sesẽ la ka wò futɔwo hlẽ.+ 11  Tɔwòe nye dziƒowo, tɔwòe nye anyigba hã;+Anyigba wɔnu la kple edzinuwo katã la,+ wòe ɖo wo anyi. 12  Wòe wɔ dziehe kple anyiehe;Tabor To+ kple Hermon To+ kafua wò ŋkɔ kple dzidzɔ. 13  Tɔwòe nye alɔ sesẽ;+Ŋusẽ le wò asi ŋu;+Wò nuɖusi de dzi.+ 14  Èli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi;+Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nɔa ŋkuwòme.+ 15  Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ si nya aseyetsotso.+ Oo Yehowa, wozɔna le wò mo ƒe kekeli me. 16  Wotsoa aseye le wò ŋkɔ me ŋkeke blibo la,Eye wodoa wo ɖe dzi le wò dzɔdzɔenyenye me. 17  Elabena wòe nye woƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃,+Eye wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu na míaƒe ŋusẽ* de dzi.+ 18  Elabena míaƒe akpoxɔnu la nye Yehowa tɔ,Míaƒe fia la nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la tɔ.+ 19  Ɣemaɣi la, èƒo nu na ame siwo wɔa nuteƒe na wò la le ŋutega me gblɔ be: “Mena ŋusẽ kalẽtɔ aɖe;+Medo ame tiatia aɖe ɖe dzi le dukɔ la dome.+ 20  Mekpɔ nye subɔla David;+Mesi nye ami kɔkɔe nɛ.+ 21  Nye asi alée ɖe te,+Eye nye alɔ ado ŋusẽe. 22  Futɔ aɖeke maka adzɔ nɛ o,Eye ame madzɔmadzɔ aɖeke matee ɖe to o.+ 23  Mato eƒe adikãtɔwo nyanyanya le eŋgɔ,+Eye maƒo ame siwo lé fui la aƒu anyi.+ 24  Nye nuteƒewɔwɔ kple amenuveve anɔ kplii,+Eye eƒe ŋusẽ* ade dzi le nye ŋkɔ me. 25  Mana eƒe asi* nade atsiaƒu dzi,Eye eƒe nuɖusi nade tɔsisiwo dzi.+ 26  Agblɔ nam be: “Fofonye nènye,Nye Mawu kple nye xɔname ƒe Agakpe.’+ 27  Eye mana wòazu ŋgɔgbevi,+Ne wòakpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzifiawo dzi.+ 28  Nye amenuveve anɔ kplii tegbee,+Eye nye nu, si mebla kplii anɔ anyi ɖaa.+ 29  Maɖo eƒe dzidzimevi la anyi tegbee,Eye eƒe fiazikpui anɔ anyi ŋkeke ale si dziƒo li.+ 30  Ne viawo gblẽ nye se la ɖi,Eye womezɔ le nye sewo* nu o, 31  Ne woda nye ɖoɖowo dzi,Eye womelé nye sededewo me ɖe asi o la, 32  Ekema nye hã matsɔ ameƒoti ɖe wo ŋu le woƒe tomaɖomaɖo* ta,+Eye maƒo wo ɖe woƒe vodadawo ta. 33  Ke hã, nye amenuveve mate ɖa le egbɔ akpɔ o,+Eye nyemada le nye ŋugbedodo* la dzi o. 34  Nyemada le nye nubabla la dzi o,+Eye nyematrɔ nya si do tso nye nu me la o.+ 35  Meka atam le nye kɔkɔenyenye me zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu,Nyemable David o.+ 36  Eƒe dzidzimevi anɔ anyi tegbee;+Eye eƒe fiazikpui anɔ anyi ɖaa abe ɣe ene le ŋkunyeme.+ 37  Ali ke abe dzinu ene tegbee,Abe ɖasefo nyateƒetɔ si le dziŋgɔli me ene.” (Sela) 38  Ke wò la, ègbee, eye nègbe nu le egbɔ;+Èdo dziku ɖe wò amesiamina la ŋu. 39  Ètu afɔ nu, si nèbla kple wò subɔla la me;Ègblẽ kɔ ɖo na eƒe fiakuku la esi nètsɔe ƒu gbe ɖe anyigba. 40  Ègbã eƒe glikpɔwo* katã;Èmu eƒe mɔ́ sesẽwo ƒu anyi. 41  Ame siwo katã tso eme va yina la ha eƒe nuwo;Ezu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.+ 42  Èna eƒe adikãtɔwo kpɔ dziɖuɖu;*+Èna eƒe futɔwo katã tso aseye. 43  Èna eƒe yi nu tsi,Eye mèna wònɔ te ɖe aʋa nu o. 44  Èna eƒe atsyɔ̃ nu yi,Eye nèxlã eƒe fiazikpui ɖe anyi. 45  Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ;Ètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ. (Sela) 46  Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi nàɣla ɖokuiwò? Tegbeea?+ Ðe wò dɔmedzoe ayi edzi anɔ bibim abe dzo enea? 47  Ðo ŋu ale si gbegbe nye agbe le kpuie!+ Dzodzroe nèwɔ amegbetɔwoa? 48  Ame kae ate ŋu ayi edzi anɔ agbe eye maku akpɔ o?+ Ðe eya ŋutɔ ate ŋu aɖe eɖokui* tso Tsiẽƒe* si mea? (Sela) 49  Oo Yehowa, afi kae wò amenuvedɔ tsãtɔSiwo ŋu nèka atam le na David le wò nuteƒewɔwɔ me la le?+ 50  Oo Yehowa, ɖo ŋu vlo si wodo wò subɔlawo;Ale si metsɔ dukɔ geɖewo ƒe vlodoame ɖe akɔ; 51  Oo Yehowa, ale si wò futɔwo le alɔme ɖem;Ale si woɖu fewu le wò amesiamina ƒe afɔɖeɖewo katã ŋu. 52  Woakafu Yehowa tegbee. Amen, ɛ̃, Amen.+

Etenuŋɔŋlɔ

Anye Egipte alo eƒe Farao ye wowɔnɛ le afi sia.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzo.”
Alo, “dziɖuŋusẽ.”
Alo, “ʋɔnudɔdrɔ̃wo.”
Alo, “aglãdzedze.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nuteƒewɔwɔ.”
Alo, “eƒe kpexɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe nuɖusi de dzi.”
Alo, “eƒe luʋɔ.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.