Psalmowo 92:1-15

  • Woakafu Yehowa tegbee

    • Eƒe dɔwɔwɔwo kple susu goglowo (5)

    • “Ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe deti ene” (12)

    • Ame tsitsiwo ayi edzi anɔ ku tsem (14)

Sabat ŋkeke ƒe ha. 92  Enyo be woada akpe na wò, Yehowa,+Eye woadzi ha* akafu wò ŋkɔ, Oo Dziƒoʋĩtɔ la,   Ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ si nu metsina o+ la le ŋdi,Kple wò nuteƒewɔwɔ le zã me,   Le kasaŋku kaewotɔ kple kasaŋku suetɔ dzi,Le saŋku viviwo ƒe ɖiɖi dzi.+   Elabena Oo Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam;Metsoa aseye le wò asinudɔwɔwɔwo ta.   Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo!+ Aleke gbegbe wò susuwo gogloe nye esi!+   Abunetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ wo adze sii o;Eye bometsila aɖeke mate ŋu ase esia gɔme o:+   Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene,Eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la,Tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.+   Ke wò la, Oo Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbee.   Nyateƒee, Oo Yehowa, kpɔ ale si nèɖu wò futɔwo dzii ɖa,Ɛ̃, kpɔ ale si wò futɔwo nu ayii ɖa;Nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã aka hlẽ.+ 10  Ke àdo nye ŋusẽ* ɖe dzi abe gbenyi tɔ ene;Eye masi ami nyuitɔ.+ 11  Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi godoo aʋadziɖutɔe;+Nye towo ase nu vlo wɔla siwo tso ɖe ŋunye la ƒe anyidzedze ŋu nya. 12  Ke ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe deti eneEye wòakɔ abe sederti le Lebanon ene.+ 13  Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me;Eye wowɔ mlɔmlɔmlɔ le mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.+ 14  Woayi edzi anɔ ku tsem le woƒe tsitsime* gɔ̃ hã;+Ŋusẽ anɔ wo ŋu, eye woada ama,+ 15  Eye woaɖe gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe. Eyae nye nye Agakpe,+ eye nu madzɔmadzɔ aɖeke mele eme o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “woaƒo ha.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzo.”
Alo, “wɔƒoɣi.”