Psalmowo 141:1-10

  • Gbedodoɖa hena takpɔkpɔ

    • “Nye gbedodoɖa nenɔ abe lifi ene” (2)

    • Ame dzɔdzɔe ƒe mokaname le abe ami ene (5)

    • Ame vɔ̃ɖiwo dzea woawo ŋutɔwo ƒe ɖɔ me (10)

David ƒe ha. 141  Oo Yehowa, wò yɔm mele.+ Va xɔ nam kaba.+ Ne meyɔ wò la, ɖo to nàse nye gbe.+   Nye gbedodoɖa nenɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ*+ ene le ŋkuwòme,+Ne mewu nye asiwo dzi la, nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.+   Oo Yehowa, ɖo dzɔla nye nuyi ŋu,Na woadzɔ nye nuyiwo ƒe ʋɔtru ŋu.+   Mègana nye dzi natrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi aɖeke ŋu,+Ne makplɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖo le nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me o;Eye mègana maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo gbeɖe o.   Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃ vavãe wòɖe fiam;+Ne eka mo nam la, tamemi wòanye nam,+Eye nye ta magbee gbeɖe o.+ Ne vɔ̃ dzɔ ɖe wo dzi hã la, manɔ gbedodoɖa dzi.   Woatu asi woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso agakpe dzi aƒu abu me,Ke dukɔ la ya ase nye nyawo, elabena wovivina.   Ale si wodzoboa anyigba hekakaa keawoe la,Nenemae wokaka míaƒe ƒuwo ɖe yɔdo nui.   Gake ŋuwòe nye ŋkuwo le, Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa.+ Wòe mesi tso. Mègana nye agbe nu natso o.*   Kpɔ tanye tso mɔ̃ si wotre nam la ƒe aɖuwo meKple nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe mɔ̃tetrewo me. 10  Ame vɔ̃ɖiwo katã adze woawo ŋutɔwo ƒe ɖɔ me,+Ke nye ya mato eŋu ayi dedie.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzudzɔdonu ʋeʋĩ si ŋu wotrɔ asi le nyuie.”
Alo, “Mègaƒo nye luʋɔ ɖe anyi o.”