Psalmowo 10:1-18

  • Yehowa nye xɔnametɔ na amemanɔsitɔ

    • Ame vɔ̃ɖi gblɔna be: “Mawu aɖeke meli o” (4)

    • Amemanɔsitɔ trɔna ɖe Yehowa ŋu (14)

    • “Yehowa ye nye Fia tegbetegbee” (16)

ל [Lamed] 10  Oo Yehowa, nu ka tae nèle adzɔge ʋĩi? Nu ka tae nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo?+  2  Ame vɔ̃ɖi tiaa wɔnamanɔŋutɔ yome dadatɔe,+Gake woalée le eya ŋutɔ ƒe nugbe si wòɖo la me.+  3  Elabena ame vɔ̃ɖi tsɔa eƒe ɖokuitɔdidi* ƒoa adegbee,+Eye wòkafua ŋuklẽla;*נ [Nun] Medea bubu aɖeke Yehowa ŋu o.  4  Ame vɔ̃ɖi ƒe dada vivivo nana mebiaa Mawu ta sena o;Eƒe susu koe nye be, “Mawu aɖeke meli o.”+  5  Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ ɣesiaɣi,+Gake wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo kɔ gbɔ eƒe gɔmesese ŋu;+Ke eya ɖea alɔme le eƒe ketɔwo katã ŋu.*  6  Egblɔna le eƒe dzi me be: “Nyemaʋã* gbeɖe o;Vɔ̃ madzɔ ɖe dzinye akpɔ o,+Tso dzidzime yi dzidzime.” פ [Pe]  7  Ðiŋudodo, amebeble kple ŋɔdzidodo yɔ nu me nɛ fũu;+Nya veamewo kple nya tɔamewo sɔŋ koe le eƒe aɖe te.+  8  Edea xa ɖe kɔƒewo xa;Enɔa xa me wua ame maɖifɔ.+ ע [Ayin] Enɔa ŋu tsam na ame si mele ɖeke me nyam o la.+  9  Edea xa ɖe ɣaɣlaƒe abe dzata le eƒe bebeƒe* ene.+ Ede xa ɖi be yealé amemanɔsitɔ. Ehea eƒe ɖɔ tsɔ léa amemanɔsitɔ la.+ 10  Egbãnɛ hemiminɛ ɖe anyigba;Ame siwo menya o la dze eƒe fewo* me nublanuitɔe. 11  Egblɔna le eƒe dzi me be: “Mawu ƒe ŋku dzo le edzi.+ Etrɔ mo ɖe aga. Mele ekpɔ ge akpɔ o.”+ ק [Kof] 12  Oo Yehowa, tso.+ Oo Mawu, kɔ wò asi dzi.+ Mègaŋlɔ ame tsiasiwo be o.+ 13  Nu ka tae ame vɔ̃ɖi medea bubu Mawu ŋu o? Egblɔna le eƒe dzi me be: “Màbia akɔntam o.” ר [Res] 14  Gake èle fukpekpe kple xaxa teƒe kpɔm. Wò ŋkuwo le nu siawo katã ŋu, eye wole asiwò me.+ Ŋuwòe amemanɔsitɔ la trɔna ɖo;+Xɔnametɔ nènye na tsyɔ̃eviwo.+ ש [Sin] 15  Ŋe alɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla la,+Ekema ne èdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la,Màgakpɔ ɖeke kura o. 16  Yehowa ye nye Fia tegbetegbee.+ Dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le anyigba la dzi.+ ת [Taw] 17  Oo Yehowa, àɖo to ame fafawo ya ƒe dzimedidiwo.+ Àdo ŋusẽ woƒe dzi,+ eye wò to anɔ wo ŋu.+ 18  Àtso afia na tsyɔ̃eviwo kple ame siwo woƒo ƒu anyi la,+Ne amegbetɔ si kuna nagado voɖi na wo azɔ o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ ƒe didi.”
Agate ŋu afia, “Ŋuklẽla kafua eɖokui.”
Alo, “eɖoa ƒuƒu ɖe eƒe ketɔwo yome.”
Alo, “Nyemaʋuʋu.”
Alo, “le avekɔe me.”
Alo, “fe sesẽawo.”