Psalmowo 23:1-6

  • “Yehowae nye Kplɔlanye”

    • “Naneke mahiãm o” (1)

    • “Ena megbɔ ɖe eme” (3)

    • “Nye kplu yɔ banaa” (5)

David ƒe ha. 23  Yehowae nye Kplɔlanye.+ Naneke mahiãm o.+  2  Gbeɖuƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo;Gbɔɖemeƒe tɔwo* nu wòkplɔam yinɛ.+  3  Ena megbɔ ɖe eme.*+ Ekplɔam to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.+  4  Togbɔ be mezɔa bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã,+Nyemevɔ̃a vɔ̃ aɖeke o,+Elabena èli kplim;+Wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.  5  Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ŋkume.+ Èsi ami ɖe ta nam;+Nye kplu yɔ banaa.+  6  Ɛ̃, nyuiwɔwɔ kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me,+Eye manɔ Yehowa ƒe me ɖaa.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Tɔ siwo li kpoo.”
Alo, “nye luʋɔ gbɔ ɖe eme.”