Psalmowo 111:1-10

  • Mikafu Yehowa ɖe eƒe dɔ gãwo ta

    • Mawu ƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye vɔvɔ̃ le eŋu (9)

    • Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmetoto (10)

111  Mikafu Yah!*+ א [Alef] Makafu Yehowa tso dzi blibo me+ב [Bet] Le ame dzɔdzɔewo ƒe ƒuƒoƒo kple ha la dome. ג [Gimel]   Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo;+ד [Dalet] Ame siwo katã kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu la srɔ̃a nu le wo ŋu.+ ה [He]   Bubu kple atsyɔ̃ sɔŋ ye nye eƒe dɔwɔwɔ,ו [Waw] Eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.+ ז [Zayin]   Enana woɖoa ŋku eƒe nukudɔwo dzi.+ ח [Het] Yehowa nye veveseɖeamenula* kple nublanuikpɔla.+ ט [Tet]   Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ.+ י [Yod] Eɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi tegbee.+ כ [Kaf]   Eɖe eƒe nukudɔwo fia eƒe dukɔ laל [Lamed] Esi wòtsɔ dukɔwo ƒe domenyinu na wo.+ מ [Mem]   Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe hele dzɔdzɔe;+נ [Nun] Kakaɖedzi le eƒe ɖoɖowo katã ŋu.+ ס [Samek]   Woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu* ɖaa tegbee,ע [Ayin] Ewɔ wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.+ פ [Pe]   Ena eƒe dukɔ la kpɔ ɖeɖe.+ צ [Tsade] Ede se be yeƒe nubabla nanɔ anyi tegbee. ק [Kof] Eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye vɔvɔ̃ le eŋu.+ ר [Res] 10  Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmetoto.+ ש [Sin] Ame siwo katã wɔa eƒe sewo dzi* la dzea nunya.+ ת [Taw] Eƒe kafukafu li tegbee.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “ameŋubula.”
Alo, “Elia ke wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wɔa wo dzi.”