Psalmowo 5:1-12

  • Yehowa, ame dzɔdzɔewo ƒe sitsoƒe

    • Mawu lé fu vɔ̃ɖinyenye (4, 5)

    • ‘Kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu’ (8)

Na henɔ la. Nehilot.* David ƒe ha. 5  Oo Yehowa, ƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu;+Lé to ɖe nye hũɖeɖewo ŋu.  2  Se nye ɣlidodowo,Oo, nye Fia kple nye Mawu, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.  3  Oo Yehowa, àse nye gbe le ŋdi;+Magblɔ nye dzimenyawo na wò le ŋdi,+ eye manɔ asiwò nu kpɔm.  4  Elabena menye Mawu si kpɔa dzidzɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue nènye o;+Ame vɔ̃ɖi aɖeke manɔ gbɔwò o.+  5  Dadala aɖeke manɔ te ɖe ŋkuwòme o. Èlé fu nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã;+  6  Àtsrɔ̃ ame siwo daa alakpa.+ Yehowa tsri ŋutasẽlawo* kple ameblelawo.+  7  Ke nye ya, mava aƒewò me+ le wò lɔlɔ̃ gã si nu metsina o la ta;+Matrɔ ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋu ade ta agu na wò le mawuvɔvɔ̃ me.+  8  Oo Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye futɔwo ta;Na wò mɔ dzi nakɔ nam.+  9  Elabena womate ŋu aka ɖe woƒe numenya aɖeke dzi o;Vɔɖivɔ̃ɖi yɔ wo me fũu;Woƒe vehlo le abe yɔdo si le nuvo ene;Wotsɔa woƒe aɖe vivia nu me.*+ 10  Eya ta Mawu abu fɔ wo;Woawo ŋutɔwo ƒe ayemɔwo axlã wo ɖe anyi.+ Na woanya wo ɖa le woƒe dzidada gbogboawo ta,Elabena wodze aglã ɖe ŋuwò. 11  Ke ame siwo katã si wò tso la akpɔ dzidzɔ;+Woanɔ aseyetsotso dzi ɖaa. Àtɔ kpɔ ɖe wo ŋu godoo,Ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la atso aseye ɖe ŋuwò. 12  Elabena Yehowa, àyra ame dzɔdzɔe;Wò ŋudzedzekpɔkpɔ anɔ abe akpoxɔnu gã aɖe ene le wo ŋu.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ame siwo kɔa ʋu ɖi.”
Alo, “Aɖe ŋɔnɔe le nu me na wo.”