Psalmowo 116:1-19

  • Akpedaha

    • ‘Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa?’ (12)

    • “Makɔ xɔname ƒe kplu la dzi” (13)

    • “Maxe nye adzɔgbeɖefewo na Yehowa” (14, 18)

    • Nuteƒewɔla ƒe ku menye nu tsɛ kura o (15)

116  Melɔ̃a YehowaElabena esea nye ɣlidodo kple nye kokoƒogbe.+   Elabena eléa to ɖe ŋunye,*+Mayɔe zi ale si mele agbe.*   Ku ƒe kawo ɖe to ɖem;Eye Tsiẽƒe lém.*+ Mekpe hiã geɖe eye mele nu xam vevie.+   Ale meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be:+ “Oo Yehowa, xɔ nam!”*   Yehowa sea veve ɖe ame nu,* eye wòle dzɔdzɔe;+Mía Mawu nye nublanuikpɔla.+   Yehowa dzɔa ame makpɔnuteƒewo ŋu.+ Wɔna vɔ le ŋunye, ke exɔ nam.   Luʋɔnye,* gagbɔ ɖe eme,Elabena Yehowa wɔ nyui nam.   Èɖem* tso ku me,Nye ŋkuwo tso aɖatsi me, nye afɔ tso nukikli me.+   Mazɔ le Yehowa ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 10  Mexɔe se, eya ta meƒo nu;+Wowɔ fum vevie. 11  Esi dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: “Ame sia ame nye aʋatsokala.”+ 12  Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na YehowaÐe nyui siwo katã wòwɔ nam la ta? 13  Makɔ xɔname* ƒe kplu la dzi,Eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. 14  Maxe nye adzɔgbeɖefewo na YehowaLe eƒe dukɔ blibo la ŋkume.+ 15  Ame siwo wɔa nuteƒe na YehowaƑe ku menye nu tsɛ le eŋkume kura o.+ 16  Oo Yehowa, meɖe kuku,Wò subɔla menye. Wò subɔla, wò dɔlanyɔnu ƒe vi menye. Wòe ɖe gam.+ 17  Wòe masa akpedavɔ na;+Eye wò Yehowa ƒe ŋkɔe mayɔ. 18  Maxe nye adzɔgbeɖefewo na Yehowa+Le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,+ 19  Le Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo,+Le mewò, Oo Yerusalem. Mikafu Yah!*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ebɔbɔna léa to ɖe ŋunye.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mayɔe le nye ŋkekewo me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Sheol ƒe xaxawo lém.”
Alo, “xɔ na nye luʋɔ.”
Alo, “bua ame ŋu.”
Alo, “Èɖe nye luʋɔ.”
Alo, “xɔname gã.”
Alo, “Haleluyah!” “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.