Psalmowo 3:1-8

  • Ka ɖe Mawu dzi togbɔ be afɔku li hã

    • ‘Nu ka tae nye futɔwo sɔ gbɔ ale?’ (1)

    • “Yehowa si me xɔname le” (8)

David ƒe ha, esime wònɔ sisim le via Absalom nu.+ 3  Oo Yehowa, nu ka tae nye futɔwo sɔ gbɔ ale?+ Nu ka tae ame geɖewo tso ɖe ŋunye?+   Ame geɖe le gbɔgblɔm le ŋunye be:* “Mawu maxɔ nɛ akpɔ o.”+ (Sela)*   Ke wò, Yehowa ye nye akpoxɔnu ƒo xlãm,+Nye bubu+ kple Ame si fɔa nye ta ɖe dzi.+   Makɔ gbe dzi ayɔ Yehowa,Atɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi.+ (Sela)   Mamlɔ anyi adɔ alɔ̃;Eye manyɔ dedie,Elabena Yehowa le megbe nam.+   Nyemavɔ̃ ame akpeakpeSiwo ɖe to ɖem godoo la o.+   Oo Yehowa, tso! Oo nye Mawu, xɔ nam!+ Elabena èle glãgbɔ ƒo ge na nye futɔwo katã;Àŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.+   Yehowa si me xɔname le.+ Wò yayra le wò dukɔ la dzi. (Sela)

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “le nye luʋɔ ŋu be.”