Psalmowo 11:1-7

  • Si Yehowa tso

    • “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me” (4)

    • Mawu lé fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ (5)

Na henɔ la. David ƒe ha. 11  Yehowae mesi tso.+ Aleke miele gbɔgblɔm nam be:* “Si dzo abe xevi ene nàyi miaƒe to dzi!  2  Kpɔ ale si ame vɔ̃ɖiwo vu da me ɖa;Wotsɔ woƒe aŋutrɔ ɖo daka dzi,Ne woanɔ viviti me até dzi dzɔdzɔe tɔwo.  3  Esi wogbã gɔmeɖoanyiwo* ɖe,Nu kae ame dzɔdzɔe ate ŋu awɔ?”  4  Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me.+ Yehowa ƒe fiazikpui le dziƒowo.+ Eƒe ŋkuwo le nuwo kpɔm, eƒe ŋku siwo le nu sia nu ŋu la doa amegbetɔviwo kpɔna.+  5  Yehowa doa ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa kpɔna;+Eléa fu* ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.+  6  Atrɔ dzoka xɔxɔwo* akɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi;Dzo kple dzokpe+ kpakple ya xɔdzo ye anye woƒe kplumenu.  7  Elabena Yehowa le dzɔdzɔe;+ elɔ̃a nu dzɔdzɔe.+ Ame dzɔdzɔewoe akpɔ eŋkume.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “na nye luʋɔ be.”
Alo, “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe gɔmeɖoanyiwo.”
Alo, “Eƒe luʋɔ léa fu.”
Agate ŋu afia, “mɔ̃wo.”
Alo, “Ame dzɔdzɔewo akpɔe be eve yewo nu.”