Psalmowo 82:1-8
Asaf ƒe ha.+
82 Mawu nɔ zi me na Mawu ƒe takpekpe la;*+Edrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo* dome, be:+
2 “Ɣekaɣi mianɔ ʋɔnu madzɔmadzɔ drɔ̃m,+Eye mianɔ ame vɔ̃ɖiwo dzi dem ase ɖo?+ (Sela)
3 Miʋli ame tsɛ kple tsyɔ̃evi ta.*+
Mitso afia dzɔdzɔe na wɔnamanɔŋutɔ kple ame si hiã tu la.+
4 Mixɔ na ame tsɛwo kple ame dahewo;Miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.”
5 Womenyaa nu o, eye womesea nu gɔme hã o;+Wole tsatsam le viviti me;Anyigba ƒe agunuwo katã le ʋuʋum.+
6 “Megblɔ be, ‘mawuwo mienye,*+Eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo mi katã mienye.
7 Ke hã miaku abe ale si ko amegbetɔwo kunae ene;+Eye miadze anyi abe amegã ɖe sia ɖe ko ene!’”+
8 Oo Mawu, tso, ne nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la,+Elabena tɔwòe dukɔwo katã nye.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Mawu nɔ zi me le Mawu ƒe takpekpe me.”
^ Alo, “ame siwo le abe mawuwo ene.”
^ Alo, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛ kple tsyɔ̃evi.”
^ Alo, “miele abe mawuwo ene.”