Psalmowo 48:1-14

  • Zion, Fia Gã la ƒe du

    • Dzidzɔdonu na anyigba blibo la katã (2)

    • Milé ŋku ɖe dua kple eƒe xɔ tsralawo ŋu (11-13)

Hadzidzi. Kora viwo+ ƒe ha. 48  Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔLe mía Mawu ƒe du la me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.  2  To la kɔ henya kpɔ ŋutɔ, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la katã,+Zion To si le dziehe kekeake lae,Eyae nye Fia Gã la ƒe du.+  3  Mawu ɖee fia le duaƑe mɔ́ sesẽwo me be yenye sitsoƒe.+  4  Elabena kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu,*Wowɔ ɖeka ho va.  5  Esi wokpɔ dua la, woƒe nu ku. Dzidzi ƒo wo eye wode afɔ du me.  6  Wodzo nyanyanya le afi ma,Wose veve abe nyɔnu si le ku lém ene.  7  Ètsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis ʋuwo gudugudu.  8  Míekpɔe abe ale si tututu míesee ene,Míekpɔe le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe du la me, le mía Mawu ƒe du la me. Mawu ŋutɔ ali kee tegbee.+ (Sela)  9  Oo Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu,+Le wò gbedoxɔ la me. 10  Oo Mawu, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenuwo+Abe wò ŋkɔ la ke ene. Wò nuɖusi yɔ fũu kple dzɔdzɔenyenye.+ 11  Zion To+ nekpɔ dzidzɔ,Yuda duwo* netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋuti.+ 12  Mizɔ Zion ŋu godoo; miƒo xlãe va kpe;Mixlẽ eƒe xɔ tsralawo.+ 13  Miaƒe ŋku nenɔ eƒe kpoƒuƒuwo ŋu.*+ Milé ŋku ɖe eƒe mɔ́ sesẽwo ŋu,Ne miatsɔe atu xo na dzidzime siwo gbɔna. 14  Elabena Mawu siae nye mía Mawu+ ɖaa tegbee. Eyae akplɔ mí tegbetegbee.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiawo ƒo takpli.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Yuda vinyɔnuwo.”
Alo, “gli sesẽwo ŋu.”
Agate ŋu afia, “va se ɖe ku me.”