Psalmowo 54:1-7

  • Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu le futɔwo dome

    • “Mawue nye nye xɔnametɔ” (4)

Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Maskil.* David ƒe ha, esime Ziftɔwo va gblɔ na Saul be: “David va be ɖe mía gbɔ.”+ 54  Oo Mawu, xɔ nam le wò ŋkɔ la ta,+Eye nàtsɔ wò ŋusẽ la aʋli tanye.+   Oo Mawu, se nye gbedodoɖa;+Lé to ɖe nye numenyawo ŋu.   Elabena ame tutɔwo tso ɖe ŋunye,Eye ŋutasẽlawo le nye agbe* yome tim.+ Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele mo na wo o.*+ (Sela)   Kpɔ ɖa! Mawue nye nye xɔnametɔ;+Yehowa li kple ame siwo léam ɖe te.*   Atsɔ nye futɔwo+ ŋutɔ ƒe vɔɖivɔ̃ɖi aɖo eteƒe na wo;Na wo nu nayi* le wò nuteƒewɔwɔ ta.+   Masa vɔ na wò+ tso dzi me faa. Oo Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.+   Elabena Mawu ɖem tso xaxawo katã me;+Nye ŋku atsa le nye futɔwo dzi le dziɖuɖu me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Wometsɔ Mawu ɖo ŋkume o.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “léa nye luʋɔ ɖe te.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Na ɖoɖoe nazi le wo nu.”