Psalmowo 91:1-16

  • Ametakpɔkpɔ le Mawu ƒe bebeƒe la

    • Ðeɖe tso xevimɔ̃trela la si me (3)

    • Bebe ɖe Mawu ƒe aʋala te (4)

    • Akpe adze anyi ɖe axawò ke ànɔ dedie (7)

    • Ade se na eƒe dɔlawo be woadzɔ ŋuwò (11)

91  Ame sia ame si le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la,+Akpɔ nɔƒe le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.+   Magblɔ na Yehowa be: “Nye sitsoƒe kple nye mɔ́ sesẽ nènye,+Nye Mawu si ŋu meɖoa ŋu ɖo.”+   Elabena aɖe wò tso xevimɔ̃trela ƒe adoboli me,Tso dɔvɔ̃ si gblẽa nu la me.   Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò,*Eye àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋalawo te.+ Eƒe nuteƒewɔwɔ+ anye akpoxɔnu gã+ kple gli sesẽ* na wò.   Màvɔ̃ ŋɔdzinu aɖeke le zã me,+Alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,+   Alo dɔvɔ̃ si le yiyim le blukɔ me,Alo tsɔtsrɔ̃ si le nu gblẽm le ŋdɔ me la o.   Akpe adze anyi ɖe axawò,Eye akpe ewo ɖe wò ɖusime,Ke wò la, magogo wò o.+   Ðeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo,Àkpɔ ale si woahe to* na ame vɔ̃ɖiwoe.   Elabena ègblɔ be: “Yehowae nye nye sitsoƒe,”Ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nɔwòƒe;*+ 10  Vɔ̃ aɖeke mava dziwò o,+Eye dɔvɔ̃ aɖeke hã magogo wò agbadɔ o. 11  Elabena ade se na eƒe dɔlawo+ le ŋutiwò,Ne woadzɔ ŋuwò le wò mɔwo katã dzi.+ 12  Woaxe wò kple woƒe asiwo,+Be nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.+ 13  Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi;Ànya avuzi le dzatatsui kple da vɔ̃ɖi dzi.+ 14  Mawu gblɔ be: “Esi melɔ̃a nu le gbɔnye o* ta la, nye hã maɖee.+ Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ.+ 15  Ayɔm, eye matɔ nɛ.+ Manɔ kplii le xaxa me.+ Maɖee, eye made bubu eŋu. 16  Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ,+Eye mana wòakpɔ nye xɔxɔdɔwo.”*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “axe mɔ be woagate ɖe ŋuwò o.”
Alo, “takpɔgli.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woaɖo eteƒe.”
Agate ŋu afia, “wò mɔ́ sesẽ; sitsoƒe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Esi wòku ɖe ŋunye vevie.”
Alo, “ale si maxɔ nɛ.”