Psalmowo 76:1-12

  • Mawu ɖu Zion ƒe futɔwo dzi

    • Mawu xɔ na ame fafawo (9)

    • Abɔbɔ futɔ dadalawo ɖe anyi (12)

Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Asaf+ ƒe Kafukafuha. Hadzidzi. 76  Wonya Mawu le Yuda;+Exɔ ŋkɔ le Israel.+   Eƒe agbadɔ le Salem,+Eye eƒe nɔƒe le Zion.+   Afi mae wòŋe aŋutrɔ bibiwo,Akpoxɔnu kple yi kpakple aʋawɔnuwo le.+ (Sela)   Èle keklẽm ale gbegbe;*Wò bubu kɔ gbɔ to siwo dzi nuléle bɔ ɖo ŋu.   Woha kalẽtɔ siwo ƒo dzi le la.+ Woyi alɔ̃ me;Wɔna vɔ le aʋakalẽawo katã ŋu.+   Oo Yakob ƒe Mawu, esi nènya blu ko la,Tasiaɖamdola kple sɔ siaa yi alɔ̃ me ʋĩi.+   Wò ɖeka ko ŋue ŋɔdzi le.+ Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ la nu?+   Èna wose wò afiatsotso tso dziƒo;+Anyigba vɔ̃, eye ɖoɖoe zi le enu+   Esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu,Be yeaxɔ na ame fafa siwo katã le anyigba la dzi.+ (Sela) 10  Elabena amegbetɔ ƒe dɔmedzoe ahe kafukafu vɛ na wò;+Woƒe dɔmedzoe susɔea azu atsyɔ̃ na wò. 11  Miɖe adzɔgbe na Yehowa mia Mawu la, eye miwɔ edzi,+Ame siwo katã le eŋu godoo netsɔ woƒe nunana vɛ le mawuvɔvɔ̃ me.+ 12  Eyae abɔbɔ kplɔlawo ƒe dada* ɖe anyi;Enana ŋɔdzi léa anyigbadzifiawo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Kekeli ƒo xlã wò.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gbɔgbɔ.”