Psalmowo 50:1-23

  • Mawu drɔ̃a nya le nuteƒewɔla kple ame vɔ̃ɖi dome

    • Mawu ƒe vɔsa ŋuti nubabla la (5)

    • “Mawu ŋutɔe nye Ʋɔnudrɔ̃la” (6)

    • Lãwo katã nye Mawu tɔ (10, 11)

    • Mawu ɖea ame vɔ̃ɖiwo ɖe go (16-21)

Asaf ƒe ha.+ 50  Yehowa, Mawu ŋusẽtɔ*+ la, ƒo nu;Eyɔa anyigbadzinɔlawoTso ɣe ƒe dzedze va se ɖe eƒe toɖoɖo.*  2  Zion, si nye nyonyowo ƒe nyonyo+ ye Mawu klẽ tso.  3  Mía Mawu gbɔna, eye mate ŋu azi ɖoɖoe o.+ Dzo le bibim le eŋgɔ,+Eye ahom le tutum le eŋu godoo.+  4  Eyɔ dziƒowo le dzi ʋĩi kple anyigba la,+Ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la:+  5  “Miƒo nye nuteƒewɔlawo nu ƒu nam,Ame siwo sa vɔ tsɔ bla nu kplim.”+  6  Dziƒowo ɖea gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye,Elabena Mawu ŋutɔe nye Ʋɔnudrɔ̃la.+ (Sela)  7  “Oo nye dukɔ, see, mele nu ƒo ge;Oo Israel, maɖi ɖase ɖe ŋuwò.+ Nyee nye Mawu, wò Mawu.+  8  Menye wò vɔsawo tae mele mo kam na wò ɖo o,Eye menye wò numevɔsa blibo siwo le ŋkunyeme ɖaa hã tae o.+  9  Nyemele nyitsu si le aƒewò me dim be malé,Alo le gbɔ̃* siwo le wò lãkpɔ me la dim o.+ 10  Elabena tɔnyee avemelãwo katã nye,+Kple lã siwo le to akpe nanewo dzi. 11  Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi;+Eye lã gbogbo siwo le gbe me hã, tɔnyee wonye. 12  Ne dɔ le wuyem la, nyemagblɔe na wò o ɖe,Elabena tɔnyee anyigba wɔnu la kple edzi nuwo katã nye.+ 13  Ðe maɖu nyitsuwo ƒe lãAhano gbɔ̃tsuwo ƒe ʋua?+ 14  Tsɔ akpedavɔsawo na Mawu,+Eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la;+ 15  Yɔm le xaxagbe.+ Maxɔ na wò, eye àdom ɖe dzi.”+ 16  Ke Mawu agblɔ na ame vɔ̃ɖi be: “Mɔ kae nèkpɔ axlẽ nye ɖoɖowo afia+Alo alé nye nubabla ɖe nu?+ 17  Elabena èlé fu amehehe,*Eye nètrɔa megbe dea nye nyawo.*+ 18  Ne èkpɔ fiafi la, eƒe nu nyoa ŋuwò,*+Eye nèdea ha kple ahasiwɔlawo. 19  Ètsɔa wò nu kakaa nya vɔ̃,Eye amebeble lé ɖe wò aɖe dzi.+ 20  Ènɔa anyi ƒoa nu gbegblẽ le wò ŋutɔ nɔviwò ŋu;+Eye nèʋua go dawòvi ƒe vodada.* 21  Esi nèwɔ nu siawo la, mezi kpi,Eya ta èsusu be ɖe mele abe wò ene. Ke azɔ la, maka mo na wò,Eye matsɔ nya ɖe ŋuwò.+ 22  Mi ame siwo ŋlɔa Mawu be, meɖe kuku, mibu nya siawo ŋu,+Ne magavuvu mi ʋayaʋaya, eye xɔnametɔ aɖeke manɔe na mi o. 23  Ame si saa akpedavɔ nam la, eyae doam ɖe dzi,+Eye ame si ƒe zɔzɔme toa mɔ ɖeka la,Mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Yehowa, mawuwo dzi Mawu.”
Alo, “Tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gbɔ̃tsu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ètsɔa nye nyawo ƒua gbe ɖe megbewò.”
Alo, “nufiame.”
Agate ŋu afia, “èwɔa ɖeka kplii.”
Alo, “Eye nègblẽa wò ŋutɔ dawò viŋutsu ŋu.”