Psalmowo 114:1-8

  • Israel ɖeɖe tso Egipte

    • Atsiaƒu si dzo (5)

    • Towo ti kpo abe agbowo ene (6)

    • Agakpe trɔ zu tɔʋu (8)

114  Esime Israel ʋu tso Egipte,+Esime Yakob ƒe aƒe la dzo le dutagbedolawo dome la,  2  Yuda zu eƒe kɔkɔeƒe,Israel zu eƒe dziɖuƒe.+  3  Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo;+Yordan gbugbɔ ɖe megbe.+  4  Towo ti kpo abe agbowo ene,+Togbɛwo abe alẽviwo ene.  5  Oo atsiaƒu, nu kae na nèsi dzo?+ Oo Yordan, nu ka tae nègbugbɔ ɖe megbe?+  6  Oo towo, nu ka tae miele kpo tim abe agbowo ene,Eye mi togbɛwo, abe alẽviwo ene?  7  Oo anyigba, dzidzi neƒo wò le Aƒetɔ la ta,Le Yakob ƒe Mawu la ta,+  8  Eya, ame si trɔa agakpe wòzua tsita,Kple kpe sesẽ wòzua tsidzɔƒe.+

Etenuŋɔŋlɔ