Psalmowo 67:1-7

  • Woavɔ̃ Mawu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu

    • Woanya Mawu ƒe mɔwo (2)

    • ‘Dukɔwo katã nekafu Mawu’ (3, 5)

    • “Mawu ayra mí” (6, 7)

Na henɔ la; ɖe kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi dzi. Kafukafuha. Hadzidzi. 67  Mawu ave mía nu, eye wòayra mí;Ana eƒe mo naklẽ na mí+ (Sela)   Ale be woanya wò mɔ le anyigba bliboa dzi,+Kple wò xɔxɔdɔwo le dukɔwo katã dome.+   Oo Mawu, dukɔwo nekafu wò;Dukɔwo katã nekafu wò.   Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ ahatso aseye,+Elabena àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.+ Àkplɔ anyigbadzidukɔwo. (Sela)   Oo Mawu, dukɔwo nekafu wò;Dukɔwo katã nekafu wò.   Anyigba awɔ nu;+Mawu, mía Mawu, ayra mí.+   Mawu ayra mí,Eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã avɔ̃e.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ade bubu eŋu.”