Psalmowo 121:1-8

  • Yehowa kpɔa eƒe amewo ta

    • ‘Nye kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ’ (2)

    • Yehowa medɔa alɔ̃ gbeɖe o (3, 4)

Todzimɔ dzi Hadzidzi. 121  Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu.+ Afi kae kpekpeɖeŋu atso ava nam?   Nye kpekpeɖeŋu tso Yehowa,+Dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.   Maɖe mɔ wò afɔ naɖiɖi* gbeɖe o.+ Ŋuwòdzɔla madɔ akɔlɔ̃e gbeɖe o.   Kpɔ ɖa, ame si le Israel ŋu dzɔm la,+Madɔ akɔlɔ̃e loo alo adɔ alɔ̃ gbeɖe o.   Yehowa ye nye ŋuwòdzɔla. Yehowa ye nye wò vɔvɔli+ le wò ɖusime.+   Ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo,+Alo dzinu le zã me o.+   Yehowa akpɔ tawò tso vɔ̃wo katã me.+ Akpɔ wò agbe* ta.+   Yehowa akpɔ tawò le wò nuwɔna ɖe sia ɖe me.*Tso fifia yi mavɔmavɔ me.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “naʋã.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “le wò yiyi kple wò gbɔgbɔ siaa me.”