Psalmowo 137:1-9
137 Babilon-tɔsisiwo nu,+ afi mae míebɔbɔ nɔ anyi ɖo.
Esi míeɖo ŋku Zion dzi la, míefa avi.+
2 Amuti siwo le dua me* laŊutie míeku míaƒe saŋkuwo ɖo.+
3 Elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia be míadzi ha na yewo le,+Ame siwo le fewu ɖum le mía ŋu la bia be míado dzidzɔ na yewo hegblɔ be:
“Midzi Zion ha na mí.”
4 Aleke wɔ míadzi Yehowa ƒe haLe dzronyigba dzi?
5 Oo Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la,Ekema nye ɖusibɔ hã neŋlɔ eƒe aɖaŋu be.*+
6 Nye aɖe nelé ɖe aŋɔme namNe nyemeɖo ŋku dziwò o,Ne nyemena Yerusalem ƒoNu siwo koŋ ŋu mekpɔa dzidzɔ ɖo la ta o.+
7 Oo Yehowa, ɖo ŋkui,Ðo ŋku nya si Edom viwo nɔ gbɔgblɔm le Yerusalem ƒe anyidzegbe la dzi, be:
“Mimui ƒu anyi! Mimui ƒu anyi va se ɖe gɔmegɔmea ke!”+
8 Oo Babilon vinyɔnu, wò, ame si woava tsrɔ̃ kpuie,+Dzidzɔtɔe anye ame si aɖo eteƒe na wò,Ðe ale si nètu nu kpli míi la nu.+
9 Dzidzɔtɔe anye ame si alé viwòwoAxlã ɖe agakpe.+