Psalmowo 136:1-26

  • Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee

    • Dziƒowo kple anyigba wɔwɔ aɖaŋutɔe (5, 6)

    • Farao ku le Ƒudzĩa me (15)

    • Mawu ɖoa ŋku ame si wobɔbɔ ɖe anyi la dzi (23)

    • Nuɖuɖunana nu gbagbewo katã (25)

136  Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo;+Eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+  2  Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.  3  Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la,Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.  4  Eya ɖeɖe koe wɔa nukunu gãwo,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+  5  Eya ame si wɔ dziƒowo le aɖaŋu* me,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.  6  Eya ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.  7  Eya ame si wɔ nu keklẽ gãwo,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee,  8  Ɣe, ne wòaɖu ŋkeke dzi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee,  9  Dzinu kple ɣletiviwo, ne woaɖu zã dzi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 10  Eya ame si wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 11  Eya ame si kplɔ Israel dzoe le wo dome,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee, 12  Ekplɔ wo dzoe kple asi sesẽ+ kpakple alɔ si wòdo ɖe dzi,Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 13  Eya ame si ma Ƒudzĩ la me ɖe eve,*+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 14  Eya ame si na Israel zɔ to ƒu la titina,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 15  Eya ame si ʋuʋu Farao kple eƒe aʋakɔ la kɔ ɖe Ƒudzĩ la me,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 16  Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 17  Eya ame si da nu fia gãwo ƒu anyi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 18  Eya ame si wu fia sesẽwo,Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee, 19  Amori-fia Sihon,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee, 20  Kple Basan-fia Og,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 21  Eya ame si tsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee, 22  Etsɔe wɔ domenyinu na eƒe subɔla Israel,Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 23  Eya ame si ɖo ŋku mía dzi esime wobɔbɔ mí ɖe anyi,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.+ 24  Eya ame si ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me zi geɖe,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 25  Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbewo* katã,+Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee. 26  Mida akpe na dziƒowo ƒe Mawu la,Elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nunya.”
Alo, “kakɛkakɛe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãwo.”