Psalmowo 85:1-13
Na henɔ la. Kora viwo ƒe ha.+ Hadzidzi.
85 Oo Yehowa, ève wò anyigba la nu;+Èkplɔ Yakob ƒe ame siwo woɖe aboyoe la gbɔe.+
2 Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada ke;Ètsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã ke wo.*+ (Sela)
3 Èlé wò dɔmedzoe katã nu;Èɖo asi wò dziku helĩhelĩ la dzi.+
4 Oo Mawu, míaƒe xɔnametɔ, gaɖo mí te,*Eye mègana míaƒe nu naku dzi na wò o.+
5 Ðe dzi aku wò ɖe mía ŋu tegbeea?+
Ðe nàlé wò dziku ɖi tso dzidzime yi dzidzimea?
6 Ðe màgagbɔ agbe míNe wò dukɔ la nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?+
7 Oo Yehowa, ve mía nu,+Eye nàxɔ na mí.
8 Maɖo to ase nya si gblɔ ge Mawu vavã Yehowa le,Elabena agblɔ ŋutifafanya na eƒe dukɔ,+ na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la;Ðeko womegatrɔ zu ame siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi akpa o.+
9 Nyateƒee, eƒe xɔname tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ,+Ne eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba la dzi.
10 Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ ado go wo nɔewo;Dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo.+
11 Nuteƒewɔwɔ amie tso anyigba me,Eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒowo.+
12 Ɛ̃, Yehowa ana nu nyuiwo mí,*+Eye míaƒe anyigba awɔ nu.+
13 Dzɔdzɔenyenye adze eŋgɔ,+Eye wòata mɔ na eƒe afɔtoƒewo.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi.”
^ Alo, “gbugbɔ kplɔ mí gbɔe.”
^ Alo, “ana nu nadze edzi na mí.”